Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 9:12 - Agbenya La

12 eye ne viwòwo tsi la, maxɔ wo le asiwò, atsrɔ̃ wo. Baba na mi, ne metrɔ dzo le mia gbɔ. Anye blanuiléle ƒe ŋkeke.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ne wobe, yewoanyi wo viwo woatsi la, made vi lewo ŋu, be amegbetɔa ɖeke maganɔ anyi o; elabena baba na woawo ŋutɔ hã, nenye be, medze le wo gba.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 9:12
23 Mawu Ofanana  

Eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta va se ɖe esime Yuda ƒe viwo koe susɔ ɖe anyigba la dzi.


va se ɖe esime Yehowa kplɔ wo dzoe abe ale si eƒe Nyagblɔɖilawo be woawɔ woe ene. Ale wokplɔ Israel yi Asirianyigba dzi afi si wole va se ɖe egbe.


Aleke ke viawo sɔ gbɔe hã la, woɖo wo ɖi na yi eye eƒe dzidzimeviwo makpɔ nu aɖu aɖi ƒo akpɔ gbeɖe o.


Magbɔ wò kple nugbɔnu le anyigba sia ƒe agbowo nu. Mana kunyawo nadzɔ ɖe wo dzi eye matsrɔ̃ dukɔ sia elabena wometrɔ le woƒe mɔwo dzi o.


Oo, Yerusalem, se nyagbename, ne menye nenema o la, matrɔ adzo le gbɔwò, eye mawɔ wò anyigba wòazu gbegbe, ale be ame aɖeke mate ŋu anɔ edzi o.”


“O Yehowa, ɖo ŋku anyi nàkpɔ nu. Ame ka nèwɔ alea kpɔ? Ɖe nyɔnuwo aɖu woƒe dɔmevi, vi siwo dzi wokpɔa? Ɖe wòle be woawu nunɔla kple Nyagblɔɖila le Aƒetɔ la ƒe kɔkɔeƒea?


“Abe ale si nèyɔa amewo hena ŋkekenyuiɖuɖu ene la, nenemae nèyɔ ŋɔdzi be wòaƒo xlãm godoo. Le Yehowa ƒe dzikuŋkekea dzi la, ame aɖeke mesi alo tsi agbe o. Ame siwo mehe eye menyi la nye futɔ tsrɔ̃ wo katã.”


Baba na mi, nye amewo, elabena miegbem; mana woatsrɔ̃ mi, elabena miedze aglã ɖe ŋutinye! Medi vevie be maɖe wo, gake woda alakpa ɖe asinye.


Mekpɔ Efraim, wodɔe ɖe teƒe dzeani aɖe abe Tiro ene, gake Efraim akplɔ viawo ade asi na amewula.”


Efraim, tsɔtsrɔ̃ tu wò. Israel, wò kewo katã yrɔ, màgatse ku azɔ o, eye ne èdzi vi hã la, mawu ɖevi si gbɔ womelɔ̃ nu le o.”


Yehowa netsrɔ̃ ame sia ame si awɔ nu sia la ɖa tso Yakob ƒe ƒomea me, eɖanye nunɔla loo alo hamevi, togbɔ be wòtsɔa vɔsa dona ɖe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkume gɔ̃ hã.


Ƒe blaene, ƒe ɖeka ɖe ŋkeke ɖeka ɖe sia ɖe si mietsa ŋku le anyigba la dzi nu, miakpe fu ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta, eye mianya nu si wònye be miana matrɔ le mia yome.’


Elabena Yehowa gblɔ na Israelvi mawo be, woaku godoo le gbegbe la; wo dometɔ aɖeke mesusɔ o, negbe Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu.


Aɖi wò alimeviwo, wò agblemenukuwo, wò nyiwo kple wò alẽwo hã ŋu.


Ànɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo kpɔm hafi woakplɔ wo adzoe abe kluviwo ene. Wò ŋkuwo atsi wo ŋu, wò dzi agbã, gake màte ŋu awɔ naneke o.


Ekema nye dɔmedzoe abi ɖe wo ŋu, maɖe asi le wo ŋu, maɣla nye ŋkume ɖe wo, eye matsrɔ̃ wo. Nya sesẽ, dziŋɔwo adzɔ ɖe wo dzi, eye woagblɔ be, ‘Mawu megale mía dome o!’


Futɔwo ƒe yiwo le dua godo, eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me. Adzi ŋɔ na ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, na vi nonowo kple amegãɖeɖiwo.


Ke Barak ti tasiaɖamwo kple aʋakɔ la yome va se ɖe Haroset Hagoyim ke. Ale Sisera ƒe aʋakɔ la katã tsi yi nu, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã mesusɔ o.


Ke Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le Saul dzi. Yehowa na be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea Saul dzi heɖea fu nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa