Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 8:8 - Agbenya La

8 Israel gbã gudugudu, ɖeko wòle dukɔwo dome abe nu maɖinu ene,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Woami Israel; azɔ woanɔ dukɔwo ɖome abe ze ɖigbɔ ene.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 8:8
19 Mawu Ofanana  

Ɣe ma ɣie Asiria fia ɖe aboyo Israelviwo yi Asiria eye wòda wo ɖe Hala du la me kple teƒe siwo le Habor tɔsisi la to le Gozan kple Mediatɔwo ƒe duwo me.


Afli kakɛkakɛ abe ze si ge hegbã gudugudu la ene. Afli ale gbegbe be, womakpɔ kakɛ aɖeke si alolo woatsɔ aɖe dzo le mlekpui me alo aku tsii le zɔ me o.”


Ɖe ŋutsu sia Yehoyatsin zu ze gbagbã ɖigbɔ̃ si dim ame aɖeke mele oa? Nu ka ta woatsɔ eya kple viawo aƒu gbe ɖe anyigba si womenya o la dzi?


Mi alẽkplɔlawo, mifa avi, mido ɣli, mimli le ke me, mi alẽha ƒe kplɔlawo. Elabena miaƒe ɣeyiɣi de, be woawu mi, miadze anyi agbã gudugudu abe tɔmedeze ene.


Le Moab ƒe xɔwo katã tame kple ablɔwo me la, naneke meli wu konyifafa o, elabena megbã Moab abe kplu si ame aɖeke mele didim o la ene.” Yehowae gblɔe.


“Israel nye alẽha si dzatawo ɖe ɖe nu, eye wokaka gbẽe. Ame gbãtɔ si vuvui lae nye Asiria fia ame mamlɛtɔ si gbã eƒe ƒuwo lae nye Babilonia fia Nebukadnezar.”


“Babilonia fia, Nebukadnezar vuvu mí, de tɔtɔ mía dome eye wòwɔ mí míele abe tsizɔ ƒuƒluwo ene. Emi mí abe ʋɔ ene, eye wòtsɔ míaƒe nu viviwo ɖi ƒoe na eɖokui, emegbe etu mí ƒu gbe.


Wò futɔwo katã ke woƒe nuwo baa ɖe ŋuwò, woɖua fewu eye woɖua aɖukli ɖe ŋuwò be, “Míemi eya amea agbagbe. Esiae nye ŋkeke si míele mɔ kpɔm na, enyo be míele agbe kpɔ eteƒe.”


Aƒetɔ la gblẽ Yakob ƒe nɔƒewo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Eye le eƒe dziku me wògbã Yuda vinyɔnu ƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi. Egbã eƒe fiaɖuƒe kple eƒe dumegãwo ƒu anyi le vlododo me.


Aƒetɔ la zu futɔ eye wòtsrɔ̃ Israel. Etsrɔ̃ eƒe fiasãwo katã eye wògbã eƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi. Edzi Yuda vinyɔnu ƒe nuxaxa kple konyifafa ɖe edzi.


Aleke Zion viŋutsu vevi siwo ŋu kpekpeme nɔ tsã abe sika ene la, le azɔ abe anyize si nye zemela ƒe asinudɔwɔwɔ ene!


Wotsɔ míaƒe domenyinu, na amedzrowo eye wotsɔ míaƒe aƒewo na du bubu me tɔwo.


Eya ta gblɔ nya ɖi be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye be, esi wogblẽ mi, eye woɖe aɖutame ɖe mia ŋu le goawo katã me be miazu dukɔ mamlɛawo tɔ kple woƒe alɔmeɖenu kple ɖiŋudonu ta la,


“Makaka mi ɖe dukɔwo dome, eye ne mieyina la, mana aʋa nasi mi. Miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe du gãwo agbã.


Nu kae adzɔ nenye be Mawu, ame si lɔ̃ ɖe eƒe dɔmedzoe kple ŋusẽ fia la gbɔ dzi ɖi na ame siwo dze na eƒe dɔmedzoe ƒe tohehe?


“Yehowa ana wò futɔwo naɖu dziwò. Wò aʋakɔ aƒo ƒu azɔ ayi aʋa, ke atɔtɔ, aka ahlẽ le futɔwo ŋkume, eye nàtsa tsaglalã le anyigbadzidukɔwo dome.


elabena Yehowa aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome tso anyigba la ƒe seƒe ɖeka yi eƒe seƒe bubu. Le afi ma la, àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe, mawu siwo wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo mienya o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa