Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 8:6 - Agbenya La

6 Nu siawo dzɔ tso Israel, nyivilegba si gbede tu la, menye Mawu o, eya ta woagbã Samaria ƒe nyivi la gudugudu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Elabena Israel wòdzɔ tso, gbede ye wɔe, eye menye Mawu wònye o; eyata Samaria ƒe nyivi la afli kakɛkakɛ.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 8:6
22 Mawu Ofanana  

Egbã vɔsamlekpui kple nuxeƒe si Yeroboam Gbãtɔ tu ɖe Betel esime wòhe Israel de nu vɔ̃ me. Egbã kpeawo wozu ʋuʋudedi eye wòtɔ dzo aƒeliwo.


Yosia gbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi le Samarianyigba blibo la dzi. Israel fia vovovowoe tu wo eye wodo dɔmedzoe na Yehowa. Ke azɔ la, Yosia gbã wo wozu ʋuʋudedi abe ale si wòwɔ le Betel ene.


Ɖe miebu be yewoate ŋu aɖu Yehowa ƒe fiaɖuƒe si nu David ƒe dzidzimevi aɖe le la dzia? Miaƒe aʋakɔ lolo zi eve abe tɔnye ene gake sikanyivi siwo Yeroboam wɔ na mi heyɔ wo be miaƒe mawuwo eye wole mia si la zu fiƒode na mi.


Esi nu siawo katã wu enu la, Israelvi siwo katã nɔ afi ma la do go yi Yuda ƒe duwo me eye wogbã legbawo, heho aƒeliwo ƒu anyi, wogbã nuxeƒewo kple vɔsamlekpui siwo katã nɔ Yuda, Benyamin, Efraim kple Manase. Esi wotsrɔ̃ nu siawo katã vɔ megbe la, Israelviwo gbugbɔ yi woawo ŋutɔ ƒe duwo me eye woyi ɖanɔ woƒe aƒewo me.


Amegbetɔwo katã nye movitɔwo eye nunya mele tagbɔ na wo o. Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo akpe ŋu nɛ. Eƒe legbawo nye beble elabena agbe mele wo me o.


Ekema Kemos akpe ŋu na Moab, abe ale si ŋu kpe Israel ƒe aƒe la esi wòtsɔ eƒe susu da ɖe Betel dzi ene.’


“Miɖe gbeƒãe eye mido kpoe le dukɔwo dome, mikɔ aflaga dzi, ne miado bobloe; migagbe nya la katã gbɔgblɔ o, ke boŋ migblɔ be, ‘Woaxɔ Babilonia, ŋukpe alé Bel eye ŋɔdzi alé Marduk vevie. Woado ŋukpe eƒe legbawo eye ŋɔdzi alé eƒe aklamakpakpɛwo.’


Woƒe dziwo te ɖa xaa tso Mawu gbɔ. Wodze agɔ, eya ta ele be woahe to na wo. Yehowa agbã woƒe trɔ̃ƒewo, eye wòagbã woƒe legbawo.


“Ke azɔ la, woƒe aglãdzedze la va de ŋgɔ. Wotsɔ woƒe klosalo na aɖaŋuwɔlawo, ame siwo lolõ wo tsɔ wɔ legbawo le woawo ŋutɔ ƒe nunya nu. Wogblɔ tso dukɔ sia ŋu be wotsɔa amegbetɔ saa vɔe, eye wogbugbɔa nu na nyivilegbawo.


Asiria mate ŋu axɔ na mí le aʋa me o, eye míaƒe aʋawɔsɔwo hã mate ŋu aɖe mí o; míagayɔ legba siwo míewɔ kple asi la be míaƒe mawuwo azɔ o, elabena wò Yehowa ɖeɖe gbɔ ko tsyɔ̃eviwo kpɔa nublanuikpɔkpɔ le.”


Woagbã eƒe legbawo gudugudu eye woatɔ dzo nunana siwo woli kɔe ɖe eƒe trɔ̃xɔwo me. Ale matɔ dzo eƒe legbawo katã. Elabena gboloho wotsɔ ƒo wo nu ƒui eye gboloho woagazu.”


“Viɖe kae le legba si ame li la ŋuti alo aklamakpakpɛ si daa alakpa la ŋuti? Ame si wɔe la tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe nu si eya ŋutɔ wɔ la dzi elabena ewɔ legba siwo mate ŋu aƒo nu o.


“Ne míenye Mawu viwo la, ekema menyo be míabu be Mawu nye legba si amegbetɔ awɔ kple sika alo klosalo alo kpe le ame ƒe aɖaŋuwɔwɔ kple tamesusu nu la o.


Ke ele nyanya me na mi katã be Paulo va le tagbɔ gblẽm na amewo be mawu siwo wotsɔ asi wɔe la menye mawu gbagbe o, eye esia na be míaƒe dɔ megale edzi yim tututu le Efeso afi sia kple Asia nuto la katã me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa