Hosea 7:2 - Agbenya La2 Dua me tɔwo hã mede dzesii be nye ŋku le woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ dzi o. Woƒe nu vɔ̃ ɖe to ɖe wo godoo va kpe, eya ta mele wo katã kpɔm. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19132 Womegblɔ le woƒe dzi me kpɔ be, yewoƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kala le ŋku dzi nam o. Onani mutuwo |
Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa, ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzi me la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣe ma ɣi me.