Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 7:12 - Agbenya La

12 Gake ne woyi la, matsɔ nye ɖɔ atsyɔ wo; maɖiɖi wo ava anyie abe xevi si le dzodzom le yame ene. Ne mese wole ƒu ƒom la, mayi aɖalé wo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ne wonya yi ko la, mada asabu de wo dzi, maɖidi wo ɖe anyi abe dziƒoxewo ene, eye mahe to na wo, abe alesi wotoe na woƒe amehawo ene.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 7:12
15 Mawu Ofanana  

ekema minyae be Mawu dze agɔ le dzinye eye wòtsɔ eƒe ɖɔ ƒo xlãm.


Ame aɖeke menyaa gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe ye dzi o. Edzɔna ko abe tɔmelã si woɖe le ɖɔ me alo xevi si woɖe le mɔ me ene.


“Yehowa be, ‘Ke azɔ la, madɔ ame ɖe ɖɔkplɔla geɖewo eye woaɖe wo. Le esia megbe la, madɔ ame ɖe adela geɖewo eye woayɔ wo ɖe nu tso towo, togbɛwo dzi kple agadowo me.


Zi geɖe meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe wo, ame siwo gblɔ na wo be, ‘Migawɔ ŋunyɔnu si metsri vevie la o!’


Maɖo nye ɖɔ nɛ, eye nye mɔ aɖee. Makplɔe ayi Babilonia, le Kaldeatɔwo ƒe anyigba dzi, gake makpɔ anyigba la o, eye wòaku ɖe afi ma.


Makeke nye ɖɔ nɛ, eye nye mɔ aɖee. Makplɔe ayi Babilonia, eye mabu fɔe le afi ma, elabena meto nyateƒe nam o.


“ ‘Aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “ ‘Ameha gã aɖe akpe ɖe ŋunye, Mada nye ɖɔ ɖe dziwò, Eye woahe wò ava gota le nye ɖɔ me.


Woagbã Efraim gudugudu ne ʋɔnudrɔ̃gbe la ɖo. Le Israel ƒe toawo dome la, nu siwo mena wo nya la ava eme godoo.


Mehea to na ame sia ame si melɔ̃na la enuenu, eya ta ele be mahe to na wò, negbe ɖeko nàɖe asi le wò ɖekematsɔleme ŋu, eye nàtsɔ dzo ɖe nu siwo ku ɖe Mawu ŋu la ŋuti hafi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa