Wogbe eƒe sewo kple nubabla si wòwɔ kple wo fofowo la eye wodo vlo eƒe nuxlɔ̃amenyawo. Wosubɔ ati kple kpewo ale be wova zu abunɛtɔwo. Wosrɔ̃ dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ, evɔ Yehowa de se na wo be, “Migawɔ abe ale si wowɔna ene la o.” Ke wogbe hewɔ nu siwo Yehowa be womegawɔ o.
Tso anyigba ƒe mlɔea nu ke, miese ha ƒe ɖiɖi be, “Ŋutikɔkɔe woana Dzɔdzɔetɔ la.” Ke megblɔ be, “Evɔ nam, evɔ nam, baba nam. Wodem asi! Ametatrɔlawo dem asi!”
Manɔ abe nu si mebla kple wo fofowo ene esi melé woƒe alɔnu be makplɔ wo do goe le Egipte la ene o. Elabena wotu nye nubabla la togbɔ be menye srɔ̃ŋutsu na wo hã,” Yehowae gblɔe.
Gake ku ɖu fia tso Adam ƒe ɣeyiɣiwo dzi va se ɖe Mose ƒe ɣeyiɣiwo dzi, ɖe ame siwo mewɔ nu vɔ̃ si sɔ kple Adam ƒe sedzimawɔmawɔ o la dzi, ame si nye ame si gbɔna la ƒe kpɔɖeŋu.
Ne mekplɔ wo va ɖo anyigba si ŋugbe medo na wo tɔgbuiwo dzi, anyigba si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo,’ ne wokpɔ lãme, nuwo nyo na wo, wosubɔ mawu bubuwo, do vlom, gblẽ nye nubabla kpli wo me,
Manɔ abe nu si mebla kple wo fofowo esi melé woƒe alɔnu, kplɔ wo do goe le Egiptenyigba la ene o, elabena womewɔ nuteƒe le nu si mebla kpli wo la me o, eya ta nye hã metrɔ megbe de wo. Aƒetɔ lae gblɔe.