Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 5:7 - Agbenya La

7 Wometo nyateƒe na Yehowa o, elabena wodzi ahasiviwo. Azɔ dzinu yeye ƒe ŋkekenyui aɖu wo kple woƒe nunɔamesiwo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Yehowa yomee wotrɔ nu le, elabena wodzi vi tutɔwo; azɔ dzinu yeye aɖu woawo kple woƒe anyigbawo.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 5:7
15 Mawu Ofanana  

Xɔ nam, eye nàɖem tso amedzrowo ƒe asi me, ame siwo ƒe nu me yɔ fũu kple alakpa, eye woƒe nuɖusi blea ame.


Do wò asi ɖa tso dziƒo nàxɔ nam, eye nàɖem tso tsi sesẽwo kple amedzrowo ƒe asi me,


Melé fu miaƒe dzinu yeye ŋkekenyuiwo kple ŋkekenyui bubuawo. Wozu agba nam, eye nu ti kɔ nam le wo tsɔtsɔ me.


Miesee kpɔ loo alo se egɔme o. Tso blema ke, miaƒe towo meʋu o. Menya ale si miebaɖae la nyuie. Woyɔa mi tso ɖevime ke be, aglãdzelawo.


siwo nye aglãdzedze, nugbeɖoɖo ɖe Yehowa ŋu, megbetɔtrɔ̃ de míaƒe Mawu la, ameteteɖeto, tsitretsitsi ɖe ame ŋu kple alakpanya siwo míeɣla ɖe míaƒe dzi me la gbɔgblɔ.


Gake, abe nyɔnu si meto nyateƒe na srɔ̃a o ene la, nenemae miawo hã mieto nyateƒe nam o, O Israel ƒe aƒe.”


Israel kple Yuda ƒe aƒewo meto nyateƒe nam kura o.” Yehowae gblɔe.


“Eya ta gblɔ na wo be, Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Nye nyawo dometɔ aɖeke magahe ɖe megbe azɔ o. Nya sia nya si megblɔ la ava eme.’ Aƒetɔ Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔe.”


Matɔ te eƒe azãɖuɖuwo katã; eƒe ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyuiwo, dzinu yeyewo, Dzudzɔgbewo kple azãɖugbewo katã.


Nyemakpɔ nublanui na viawo o, elabena wonye ahasiviwo.


gake abe Adam ene la, mietu nye nubabla la, eye miewɔ nuteƒe o.


Baba na mi, nye amewo, elabena miegbem; mana woatsrɔ̃ mi, elabena miedze aglã ɖe ŋutinye! Medi vevie be maɖe wo, gake woda alakpa ɖe asinye.


Le ɣleti ɖeka me la, meɖe alẽkplɔla etɔ̃ katã ɖa. Alẽha la lé fum, eye woƒe nu ti kɔ nam.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa