Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 5:2 - Agbenya La

2 kple ʋe goglo si woɖe ɖe Sitin, gake migaŋlɔ be, be maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la ta o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 kpla ʋe goglo le Sitim; ke mahe to na ml katã!

Onani mutuwo Koperani




Hosea 5:2
18 Mawu Ofanana  

Nu ka ta miedi be woanɔ mia ƒoƒo dzi? Nu ka ta miegale aglãdzedze dzi? Miaƒe ta katã xɔ abi, eye miaƒe dzi katã hã xɔ abi.


Baba na ame siwo wɔa nu si woate ŋui be woaɣla woƒe aɖaŋudedewo ɖe Yehowa; ame siwo wɔa woƒe dɔwo le viviti me hegblɔna be, “Ame kae kpɔ mi? Ame kae anya?”


Tete wogblɔ be, “Miva, mina míaɖo nugbe ɖe Yeremia ŋu, elabena mele be nunɔlawo ƒe se la fiafia, nunyalawo ƒe aɖaŋudede alo nyagblɔɖilawo ƒe nyawo nabu o, eya ta miva míawɔ avu kplii kple míaƒe aɖewo, eye míado toku nu sia nu si wòagblɔ.”


O Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa? ȃo wo gake womese veve o, ègbã wo nyanyanya gake womese veve o, ègbã wo nyanyanya gake wogbe ɖɔɖɔɖowɔwɔ. Wowɔ woƒe mo wòsẽ wu kpe eye wogbe dzimetɔtrɔ.


Wo katã nye aglãdzela vɔ̃ɖivɔ̃ɖiwo. Wole tsatsam be woagblẽ ame ŋu. Wole abe akɔbli kple gayibɔ ene. Ame dovowoe wo katã wonye.


Mietaa nu, hedaa alakpa, wua ame, fia fi, eye miewɔa ahasi kpena ɖe eŋu. Ʋunyaʋunya kple amewuwu bɔ ɖe afi sia afi.


Medɔ nye nyagblɔɖilawo ɖa, wolã mi kakɛkakɛe, eye metsɔ nye numenyawo wu mii; nye ʋɔnudɔdrɔ̃ ake dzo ɖe mia dzi abe dzikedzo ene,


Dua me nɔlawo katã nye adzoblasuwo sɔŋ, eye wode xa ɖi na ame siwo woɖo be yewoafi. Nunɔlawo ƒe hawo hã de xa ɖe Sekem mɔ dzi le amewo wum, eye wole nu vɔ̃ ƒomevi ɖe sia ɖe wɔm.


“Woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ katã dze egɔme le Gilgal, eye afi mae nye hã megbe nu le wo gbɔ le. Manya wo le nye anyigba dzi le woƒe ahasiwɔwɔ ta. Nyemagalɔ̃ wo azɔ o, elabena woƒe amegãwo katã nye aglãdzelawo.


Mehea to na ame sia ame si melɔ̃na la enuenu, eya ta ele be mahe to na wò, negbe ɖeko nàɖe asi le wò ɖekematsɔleme ŋu, eye nàtsɔ dzo ɖe nu siwo ku ɖe Mawu ŋu la ŋuti hafi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa