Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 5:14 - Agbenya La

14 Manye dzata ɖe Efraim ŋu, eye manye dzatavi ɖe Israel ƒe aƒe la ŋu. Nye, ɛ̃, nye ŋutɔ mavuvu wo ʋayaʋaya adzo; malé wo adzoe, eye ame aɖeke maxɔ wo le asinye o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Elabena dzata menye na Efrayim, eye dzatavi menye na Yuda ƒe aƒe; mavuvu nu ahadzo, malé nu adzoe amea ɖeke maxɔe o.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 5:14
16 Mawu Ofanana  

Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ dukɔwo kple ame geɖewo dome abe dzata le lã wɔadã siwo le ave me kple dzatavi le alẽhawo dome ene. Dzatavi si le yiyim la, enyea avuzi hevuvua nu eye ame aɖeke mate ŋu axɔ nu le esi o.


Ne menye nenema o la, woavuvum abe ale si dzata vuvua nui ene, eye woavuvum ʋayaʋaya, xɔnametɔ aɖeke mava ɖem o.


“Bu esia ŋuti, wò ame si ŋlɔ Mawu be, ne menye nenema o la, mavuvu wò kakɛkakɛ, eye ame aɖeke maxɔ wò le asinye o.


Miaƒe aʋawɔla ɖeablawo mate ŋu asi, akpɔ sitsoƒe o, ame sesẽwo mate ŋu azã woƒe ŋusẽ o, eye kalẽtɔ mate ŋu aɖe eƒe agbe o.


Woƒe gbeɖeɖe le abe dzata tɔ ene, eye woɖea gbe abe dzataviwo ene. Wotea gbe heléa nu, eye wotsɔa nu si wolé la dzonae, ame aɖeke mate ŋu axɔe le wo si o.


Abe sisiblisi si de xa ɖi kple dzata si le adeklo dzi ene la,


Ne mefɔ mo dzi la, ekema èɖeam ɖe nu abe dzata ene eye nèɖea wò ŋusẽ dziŋɔ la fiana ɖe ŋutinye.


evɔ nènya be nyemedze agɔ o eye ame aɖeke mate ŋu axɔm le wò asi me oa?


Woafli wò nyitsuwo ƒe lã le wò ŋutɔ wò ŋkume, ke woƒe lãkɔ kakɛ aɖeke gɔ̃ hã maka nu na wò o. Woanya wò tedziwo dzoe le wò ŋkume, eye womagatrɔ ava gbɔwò gbeɖe o. Woatsɔ wò alẽwo na wò futɔwo, eye ame aɖeke manɔ anyi axɔ na wò o.


Agblẽ eƒe ave ɖi abe dzata ene, eye woƒe anyigba azu gbegbe le ameteɖetola ƒe yi kple Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.


“Miva, mina míatrɔ ayi Yehowa gbɔ, elabena eyae vuvu mí, eya koe ate ŋu ayɔ dɔ mi. Eyae de abi mía ŋuti, eye eyae abla abi la na mí.


Miekpɔ be nye koe nye Mawu oa? Mewua ame, eye menaa agbe ame. Medea abi ame ŋu, eye mewua abi. Ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre Ɖe nu si mewɔ la ŋu o.


Magblẽ eƒe waingblewo kple gbotiwo, agble siwo wògblɔ be yeƒe lɔlɔ̃tɔwoe na ye. Mana agblewo nato gbe azu ave, eye gbemelãwo ava ɖu kutsetseawo katã.


Ke esi mieɖu nu ɖi ƒo vɔ la, dada yɔ mia me, mieŋlɔm be,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa