Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 4:9 - Agbenya La

9 eya ta ale wòle: Nunɔlawo kple ameawo katã sɔ, elabena nunɔlaawo vɔ̃ɖi, eye ameawo hã vɔ̃ɖi. Esia ta, mahe to na nunɔlaawo kple ameawo siaa le woƒe nu vɔ̃ɖiwo ta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ava me na nunɔla abe dukɔ la ene; mahe to nɛ le eƒe zɔzɔme ta, eye maɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 4:9
23 Mawu Ofanana  

Ne ame dzɔdzɔewo xɔ wo tɔ gome le anyigba dzi la, ekema aleke wòahanɔ na mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo!


Ame ƒe nu ƒe kutsetse hea nu nyuiwo vɛ nɛ taŋtaŋtaŋ, eye enye nyateƒe be dɔ si ame tsɔ eƒe asi wɔ lae hea viɖe vɛ nɛ.


Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔna la zua mɔ ɖenɛ, eye eƒe nu vɔ̃ zua ka blanɛ sesĩe.


Anɔ alea na nunɔlawo kple amehawo, na aƒetɔ kple dɔlaŋutsu, na aƒenɔ kple dɔlanyɔnu, nudzrala kple nuƒlela, na ame si doa nugbana kple nugbanadola, na fetɔ kple fenyila.


Gblɔe na dzɔdzɔetɔwo be nuwo adze edzi na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetsewo.


Nyagblɔɖilawo gblɔ aʋatsonyawo ɖi. Nunɔlawo le nuwo wɔm le woawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ me eye wòdze nye dukɔ ŋu alea. Ke nu ka nàwɔ le nuwuwu?”


“ ‘Levitɔ siwo de megbe le ŋunye, esime Israel tra mɔ, eye wòdzo le gbɔnye hedze legbawo yome la, axɔ woƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenu.


Ke, le esime wosubɔ ameawo le woƒe legbawo ŋkume, eye wona Israel ƒe aƒe la dze nu vɔ̃ me ta la, meka atam le esime mekɔ asi dzi be woaxɔ woƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenuwo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.


Eye Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Yezreel, elabena madidi o la, mahe to na Yehu ƒe aƒe la le ʋu si wokɔ ɖe anyi le Yezreel ta, eye matsi Israel ƒe fiaɖuƒe la nu.


Matso ɖe mia ŋuti le miaƒe tosesẽ ta; ɖe miaƒe nu vɔ̃ siwo do agba ɖe mia dzi ta la, madɔ dukɔ bubuwo ƒe asrafowo ɖe mia ŋuti be woahe to na mi, le miaƒe nu vɔ̃ eve siwo dzɔ le ɣeyiɣi ɖeka me la ta.


Yehowa tsɔ nya ɖe Yuda hã ŋuti. Woahe to na Yakob hã le eƒe mɔ vɔ̃wo ta, eye woaɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ.


Le dɔ me la, elé nɔvia ƒe afɔkpodzi, eye esi wòtsi zu ŋutsu la, ete kame kple Mawu.


Dua me tɔwo hã mede dzesii be nye ŋku le woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ dzi o. Woƒe nu vɔ̃ ɖe to ɖe wo godoo va kpe, eya ta mele wo katã kpɔm.


Wowua nye vɔsalãwo hena lã la ɖuɖu, gake woƒe nu menyoa Yehowa ŋu o. Azɔ aɖo ŋku woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi, eye wòahe to na wo ɖe woƒe nu vɔ̃ ta, ale woagatrɔ ayi Egipte.


“Woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ katã dze egɔme le Gilgal, eye afi mae nye hã megbe nu le wo gbɔ le. Manya wo le nye anyigba dzi le woƒe ahasiwɔwɔ ta. Nyemagalɔ̃ wo azɔ o, elabena woƒe amegãwo katã nye aglãdzelawo.


Nu tovo siwo wɔm nye dukɔ le la, le abe movinu siwo wowɔ le Gibea gbe aɖe gbe va yi ene. Mawu aɖo ŋku woƒe nu vɔ̃ɖiwo dzi, eye wòahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.


Ke ɖe nye nya kple ɖoɖo siwo mede asi na nye dɔla, nyagblɔɖilawo la meva mia fofowo dzi oa? “Le esia ta la, wotrɔ dzi me gblɔ be, ‘Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la wɔ na mí ɖe míaƒe mɔwo kple wɔnawo nu abe ale si wòɖoe be yeawɔ ene.’ ”


Miɖe asi le wo ŋuti! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye. Ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo kple eve la woage ɖe do me.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa