Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 4:7 - Agbenya La

7 Zi ale si nunɔlawo le agbɔ sɔm ɖe edzi la, zi nenema kee wole nu vɔ̃ wɔm ɖe ŋutinye, eya ta matrɔ woƒe ŋutikɔkɔe wòazu ŋukpe na wo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Alesi wosɔ gbɔ ɖe edzii la, nenemae wowɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunyee; eyata matrɔ woƒe bubu wòazu ŋukpe.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 4:7
15 Mawu Ofanana  

Tso mía fofowo ŋɔli ke va se ɖe fifia la, míaƒe nu vɔ̃wo kpe ŋutɔ. Le míaƒe nu vɔ̃wo ta la, wotsɔ yi he to na míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo kple míaƒe nunɔlawo, eye woɖe aboyo mí. Dutafiawo ha mí, eye wodo ŋukpe mí abe ale si wòle egbea ene.


Kpɔ ale si kesinɔnuwo yɔ Israel ɖa! Israel le abe wainka si vu, eye wòtse ku kplanya la ene. Ale si ke wòtse ku geɖewoe la, nenema ke wòtua vɔsamlekpuiwoe. Zi ale si meyra ɖe eƒe anyigba dzi la, zi nenema ke wòliaa legba dzɔtsuwoe.


Ne Asiriatɔwo ɖe aboyo wo mlɔeba la, woatsɔ woƒe nyivimawu la ana Asiria fia, Yareb, abe nunana ene. Ŋukpe alé Efraim, eye Israel ƒe mo atsi yaa le eƒe legbawo ta.


“Maɖe wo tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ me, eye maxɔ wo le ku ƒe asi me. O ku, afi ka wò ŋɔdzi la le? O tsiẽƒe, afi ka wò gbegblẽ la le? Elabena nyemakpɔ nublanui o.


Ke esi mieɖu nu ɖi ƒo vɔ la, dada yɔ mia me, mieŋlɔm be,


“Woaɖu nu, ke womaɖi ƒo o. Woawɔ gbolo, gake womadzi ɖe edzi o, elabena wogbe nu le Yehowa gbɔ,


“Miɖo to nya sia, O, mi nunɔlawo kple Israel ƒe aƒe, miƒu to anyi; O, mi fia ƒometɔwo katã, miɖo to, mebe mi katã miatsrɔ̃! Elabena mieble nye dukɔ la le Mizpa, mienye ɖɔ woɖo ɖe Tabɔr to dzi


Dua me nɔlawo katã nye adzoblasuwo sɔŋ, eye wode xa ɖi na ame siwo woɖo be yewoafi. Nunɔlawo ƒe hawo hã de xa ɖe Sekem mɔ dzi le amewo wum, eye wole nu vɔ̃ ƒomevi ɖe sia ɖe wɔm.


Efraim ƒe ŋutikɔkɔe dzo, dzo abe xevi ene, eya ta womadzi vi o, womafɔ fu o, eye womado fu hã o


Azɔ eɖo wò hã dziwò. Noe nàɖe amama eye ŋukpe nava dziwò le ŋutikɔkɔeteƒe. Kplu si Yehowa lé ɖe eƒe nuɖusime la gbɔna gbɔwò eye ŋukpe atsyɔ wò ŋutikɔkɔe dzi.


“Esia ta nye hã meɖi gbɔ̃ mi le amewo ƒe ŋkume elabena mieɖo tom o eye miekpɔ ame ŋkume le seawo ŋu dɔ wɔwɔ me.”


Ke sẽe ko la, Yesurun ɖu nu ɖi ƒo, ɛ̃, ekpɔ lãme, da ami heklã. Tete wògbe nu le eƒe Mawu la gbɔ eɖe asi le eƒe xɔxɔ ƒe Agakpe la ŋu.


Woƒe nuwuwu anye tsɔtsrɔ̃, woƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe ŋutikɔkɔe nye woƒe ŋukpe. Wobua ta me tso anyigbadzinuwo ko ŋu.


“Eya ta Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Medo ŋugbe be wò kple fofowò ƒe aƒe asubɔ le ŋkunye me tegbee.’ Ke azɔ la Yehowa be, ‘Esia nete ɖa xaa tso gbɔnye! Ame siwo de bubu ŋutinye la, made bubu wo ŋu, ke ame siwo do vlom la, woaɖu ŋukpe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa