Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 4:5 - Agbenya La

5 Eya ta mi kple míaƒe nyagblɔɖilawo miakli nu adze anyi le ŋdɔkutsu kple zã siaa, eye matsrɔ̃ mia dada Israel akpe ɖe mia ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eyata àdze anyi le ŋkeke me, nunɔla hã adze enyi akpe ɖe ŋuwò le zã me, eye matsrɔ̃ dawò.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 4:5
21 Mawu Ofanana  

Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Afi ka mia dada ƒe srɔ̃gbegbalẽ si metsɔ gbee la le? Alo ame siwo ŋu menyi fe le la dometɔ kae metsɔ mi dzra na? Miaƒe nu vɔ̃wo tae wotsɔ mi dzra ɖo. Miaƒe dzidadawo tae wonya mia dada ɖo.


Mana woƒe ahosiwo nasɔ gbɔ wu ƒutake. Le ŋdɔkutsu dzeati makplɔ nugblẽla vɛ, wòava ƒo ɖe ɖekakpuiwo dadawo dzi. Mahe vevesese kple ŋɔdzi va wo dzi kpoyi!


Nya siwo ku ɖe nyagblɔɖilawo ŋu: nye dzi gbã le menye eye nye lãme katã le ƒoƒom. Ɖeko mele abe ŋutsu si mu aha alo abe ŋutsu si wain wu ko na la ene, le Yehowa kple eƒe nya kɔkɔewo ta.


Ŋukpe gã aɖe ava mia dada dzi eye ame si dzi mi, woado vloe. Anye suetɔ le dukɔwo dome, azu gbegbe, kuɖiɖinyigba kple dzogbe.


“Ame vi, ame siawo li legbawo ɖe woƒe dzi me, eye woɖi afɔklinu vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe ŋkume. Ɖe mana woabia gbem mahã?


“Mika mo na mia dada, elabena etrɔ zu ŋutsu bubu srɔ̃, eye nyemeganye srɔ̃a o. Mika mo nɛ be wòadzudzɔ ahasiwɔwɔ, eye megatsɔ eɖokui na ŋutsu bubuwo azɔ o.


Wo dada wɔ ahasi kple ŋutsu bubuwo, eye wodzi wo ɖe ŋukpe me hegblɔ be, ‘Mati ŋutsu bubuwo yome aku ɖe wo ŋuti, be woana nuɖuɖu, tsi, avɔ, ami kple aham.’


Israel ƒe aglãdzedze ɖi ɖase tso eŋuti le nye ʋɔnu. Efraim kple Yuda woadze anyi le woƒe nu vɔ̃ ta.


Le ɣleti ɖeka me la, meɖe alẽkplɔla etɔ̃ katã ɖa. Alẽha la lé fum, eye woƒe nu ti kɔ nam.


“Gbe ma gbe la, maɖe legbawo katã ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba la dzi, eye womagaɖo ŋku wo dzi akpɔ gbeɖe o.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Maɖe nyagblɔɖilawo kple makɔmakɔnyenye ƒe gbɔgbɔ ɖa le anyigba la dzi.


Ke Yerusalem si le dziƒo la vo, menye kluvi o, eye eyae nye mía dada.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa