Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 4:4 - Agbenya La

4 “Ame aɖeke megatsɔ nya ɖe nɔvia ŋu alo aka mo nɛ o, elabena wò dukɔ la le abe ame siwo le dzre wɔm kple nunɔlawo ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ɖeko amea ɖeke megawɔ dzre, eye wòaku mo na ame o, elabena wo dukɔ la le abe amesiwo nɔa dzre wɔm; kple nunɔlawo la ene.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 4:4
8 Mawu Ofanana  

Tete wogblɔ be, “Miva, mina míaɖo nugbe ɖe Yeremia ŋu, elabena mele be nunɔlawo ƒe se la fiafia, nunyalawo ƒe aɖaŋudede alo nyagblɔɖilawo ƒe nyawo nabu o, eya ta miva míawɔ avu kplii kple míaƒe aɖewo, eye míado toku nu sia nu si wòagblɔ.”


Mana wò aɖe nalé ɖe wò aŋɔ ŋu le wò nu me ale be nàzu aɖetututɔ, eye màte ŋu aka mo na wo o, togbɔ be wonye ame dzeaglãwo hã.


Mègate ɖe Efraim ŋu kura o, elabena edo ka kple legbawo.


Mielé fu ame siwo toa nyateƒe le ʋɔnu, eye miele fu nyateƒetola.


eya ta ame siwo nye nunyalawo la, azi ɖoɖoe le ɣeyiɣi mawo me, elabena ɣeyiɣi vɔ̃e wònye.


Ne ƒometɔ aɖe si atɔ dzo ame kukuawo va aƒea me la, abia ame si ɣla ɖe aƒea me la be, “Ame aɖewo gatsi agbe kpe ɖe ŋuwòa?” Ame la aɖo eŋu nɛ be, “Ao!” Ekema ame si va la, agblɔ be, “Mia nu. Mele be míayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le afi sia o.”


Ne ame si ŋu wotsɔ nya la ɖo gbe be yemaxɔ nunɔla la alo ʋɔnudrɔ̃la si Yehowa Mawu ɖo na nyadɔdrɔ̃ la ƒe nyametsotso o la, nu si woawɔe koe nye be woawui. Ele be woaɖe nu vɔ̃ wɔla siawo tɔgbi ɖa le Israelviwo dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa