Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 4:11 - Agbenya La

11 eye wotsɔ wo ɖokuiwo na gbolowɔwɔ, wain, kple aha yeye, eye nu siawo na nye dukɔ zu bometsilawo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Amatrewɔwɔ, wein kple aha yeye ɖe wòɖoa lã ame.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 4:11
15 Mawu Ofanana  

Wain nye fewuɖula eye aha muame nye avuwɔla, ame si wokplɔ trae la menya nu o.


“O Lemuel, esia menye fiawo tɔ o, menye fiawo tɔ be woano wain o eye menye dziɖulawo tɔ be woadzro aha sesẽ o.


Ke ame si wɔ ahasi kple srɔ̃tɔ la mebua ta me o eye ame si wɔnɛ la gblẽa eɖokui dome.


Zãnuxɔxɔ nana nunyala trɔna zua bometsila elabena zãnuxɔxɔ gblẽa eƒe nugɔmesese me.


Wain na ame siwo hã le mumum sɔgɔsɔgɔ, eye aha sesẽ na ame siwo le ya mum. Aha sesẽ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo siwo le zɔzɔm sɔgɔsɔgɔ eye wain na wole movinu wɔm. Aha sesẽ na ame siwo le ya mum. Vodada le woƒe ŋutegakpɔkpɔ me, eye kpɔtsɔtsɔ le woƒe nyametsotso ŋu.


Kasaŋkuwo kple saŋkuwo ɖina le miaƒe kplɔ̃ɖoƒewo, axatsɛwo, kpẽwo kple wain bɔna ɖe eŋu, gake wometsɔ ɖeke le eme na Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo alo ade bubu eƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu o.


“Mekpɔ bometsinu sia le nyagblɔɖila siwo le Samaria la dome. Wogblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me eye wokplɔ nye dukɔ Israel trae.


Elabena wole gbe biam ati si nye nu dzodzro la be negblɔ nu si yewoawɔ la na yewo. Atizɔtie wodana ɖi be negblɔ nyateƒe la na yewo. Ale voduwo yometiti vivivo wɔ wo movitɔwoe, elabena wowɔ ahasi, gbe nu le woƒe Mawu gbɔ hedze mawu bubuwo yome.


“Miaƒe nuwɔwɔwo mate ŋu ana miatrɔ ava miaƒe Mawu la gbɔ o, elabena gbolowɔwɔ ƒe gbɔgbɔ le miaƒe dzi me ke, eye le esia ta miate ŋu anya Yehowa o.


“Efraim le abe ahɔnɛ movitɔ aɖe ene, eyɔa Egipte be wòakpe ɖe ye ŋuti, eye wòdzona yia Asiria.


“Wò kple viwò ŋutsuwo, migano wain alo aha muame aɖeke ne miele Mawu ƒe Agbadɔ me yi ge o. Ne mienoe la, miaku. Esia nye ɖoɖo mavɔ hena dzidzime siwo gbɔna.


“Mikpɔ nyuie be nutsuɖuɖu, ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe agbemenyawo ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkekea naɖi ɖe mi abe ale si mɔ ɖea ame ene o.


Esi Abigail ɖo aƒe me la, ekpɔ be ye srɔ̃ ɖo kplɔ̃ gã aɖe eye wòmu aha, eya ta megblɔ nya aɖeke nɛ tso eƒe gododo David ŋu o, va se ɖe esime ŋu ke.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa