Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 2:9 - Agbenya La

9 “Ke azɔ la, maxɔ wain kple bli siwo menanɛ la le esi, eye maxɔ avɔ siwo katã metso nɛ be wòata la le esi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ati eƒe ahiãviwo yome, ke eƒe asi matu wo o; adi wo, ke makpɔ wo o; eye wòagblɔ be: Matso agbugbɔ yi srɔ̃nye tsãtɔ gbɔ, elabena eme nyo nam tsã wu fifia.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 2:9
15 Mawu Ofanana  

Ale mekɔ nye alɔ dzi ɖe ŋuwò, eye meɖe wò anyigba ƒe lolome dzi kpɔtɔ. Metsɔ wò de asi na wò futɔwo ƒe ŋukeklẽ, Filistitɔwo ƒe nyɔnuviwo, ame siwo wò ŋukpenanuwɔnawo wɔ nuku na.


Ekema matsɔ wò ade asi na wò ahiãviawo, eye woagbã wò trɔ̃xɔwo kple nuxeƒe kɔkɔwo. Woaɖe wò awuwo le ŋuwò, woaxɔ wò sikanu dzeaniwo, eye woagblẽ wò ɖi nànɔ amama, anɔ ƒuƒlu.


Woaɖe wò avɔwu ɖa le ŋuwò, eye woatsɔ wò sikanuwo adzoe.


elabena Anyiehefia agbugbɔ aƒo aʋakɔ gã bubu nu ƒu si alolo wu gbãtɔ eye le ƒe geɖe megbe la, aho aʋa kple aʋakɔ gã si dzra ɖo nyuie.


Ne egbe gale edzi la, maɖe avɔ le eŋuti wòanɔ amama abe gbe si gbe wodzii ene, eye mana wòasɔ kple gbegbe, anɔ abe kuɖiɖinyigba ene, eye mana tsikɔ nawui wòaku.


“Woƒã ya, eya ta woaŋe ahomya. Woƒe bliwo magbã ahadza o, eya ta ahɔ̃litiwo matse ku o, eye ne bli anɔ blitikpui aɖewo ŋu hã la, amedzrowo ahae aɖu.


Lugbɔƒewo kple wainfiaƒewo mana nuɖuɖu amewo o, eye woƒe aha yeye agblẽ.


Ame kae nya be ɖewohĩ atrɔ ave mía nu eye wòagblẽ yayra ɖi na mí? Ekema míagatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa vɛ na Yehowa, mia Mawu la.


Woava ha woƒe kesinɔnu gbogboawo adzoe, woagbã woƒe aƒewo, woatso aƒewo, ke womanɔ wo me o, woade waingblewo, ke womano wain tso wo me o.”


Edom gblɔ be, “Togbɔ be wogbã mi hã la, míagatso aƒedoawo.” Ke Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la agblɔ be, “Migbugbɔ tso duawo ne miate ŋui, gake magagbã wo, elabena woƒe dukɔa ŋkɔe nye, Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe anyigba, ame siwo ŋu Yehowa do dziku ɖo ɖikaa.


Ekema miakpɔ vovototo si le ale si Mawu wɔna na ame dzɔdzɔe siwo ɖoa toe kple ame vɔ̃ɖi siwo meɖoa toe o la dome.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa