Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 2:23 - Agbenya La

23 Maɖo nye dukɔ Israel te na ɖokuinye le anyigba dzi, eye maɖe nye lɔlɔ̃ afia ame si meyɔ be ‘Menye nye lɔlɔ̃tɔe o.’ Magblɔ na ame siwo woyɔna be, ‘Mienye nye dukɔ o’ la be ‘Mienye nye dukɔ’; eye woawo hã agblɔ be, ‘Wòe nye mía Mawu.’ ”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ale Yehowa gblɔ esi: Le ɣemaɣi la mase dziƒo ƒe gbe, eye dziƒo ase anyigba ƒe gbe;

Onani mutuwo Koperani




Hosea 2:23
33 Mawu Ofanana  

Wòe nye nye Mawu, eya ta mada akpe na wò; wòe nye nye Mawu, eya ta mado wò ɖe dzi.


Anyigba ƒe mlɔenu katã hã aɖo ŋku edzi, atrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye anyigbadzidukɔwo ƒe ƒomeawo katã ava de ta agu ɖe eŋkume.


Ame dɔdɔwo atso Egipte ava, eye Kus abɔbɔ eɖokui ɖe Mawu te.


Bli nedo agbogbo ɖe anyigba la katã dzi; eye neʋã ɖe togbɛwo katã dzi. Blitiawo netri abe Lebanontɔwo ene, eye woanɔ abe gbe le gbedzi ene.


Nye lɔlɔ̃tɔ nye tɔnye, eye nye hã menye etɔ, eya ame si le tsa ɖim le dzogbenyawo dome.


Ɖeka agblɔ be, ‘Yehowa tɔ menye.’ Bubu atsɔ Yakob ƒe ŋkɔ na eɖokui, eye ame bubu hã aŋlɔ ɖe eƒe asi ŋuti be, ‘Yehowa tɔ,’ eye wòatsɔ ŋkɔ be Israel.


O Yehowa, nye ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe le hiahiãgbe, gbɔwòe dukɔwo ava tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke, agblɔ be, “Alakpamawuwo koe mia fofowo tsɔ nyi domee; toflokolegbawo wonye, eye womehe nu nyui aɖeke vɛ na wo o.


Ale be mianye nye dukɔ eye nye hã manye miaƒe Mawu.’ ” Yehowae gblɔe.


Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi maƒã amegbetɔwo kple lãwo ƒe nuku ɖe Israel kple Yuda ƒe aƒewo me.


Woanye nye dukɔ eye nye hã manye woƒe Mawu.


ekema magbe Yakob ƒe dzidzimeviwo kple nye dɔla, David eye nyematia via ŋutsuwo dometɔ aɖeke be wòaɖu fia ɖe Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo dzi o, elabena matrɔ woƒe dzɔgbenyui na wo, eye makpɔ nublanui na wo.”


Maɖe mi tso miaƒe nu makɔmakɔwo katã me. Mana bli nasɔ gbɔ na mi, eye nyemana dɔwuame nava mia dzi o.


Sẽe kple sẽe la, Gomer gafɔ fu, eye wòdzi nyɔnuvi. Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Loruhama, si gɔmee nye, ‘Nyemagakpɔ nublanui nɛ o,’ elabena nyemagakpɔ nublanui na Israel, atsɔ vɔ̃ akee o,


Azɔ la, Israel le ɣli dom nam be, ‘Míaƒe Mawu, kpe ɖe mía ŋuti!’


Togbɔ be mekaka wo ɖe amewo dome hã la, woaɖo ŋku dzinye le anyigba didi mawo dzi. Wo kple wo viwo atsi agbe, eye woagatrɔ agbɔ.


Etɔ̃liawo ƒe ɖeka sia matsɔ ade dzo me, maklɔ wo ŋuti abe ale si woklɔa klosaloe ene, eye mado wo kpɔ abe ale si wodoa sika kpɔ ene. Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo. Magblɔ be, ‘Wonye nye amewo’ Woawo hã agblɔ be, ‘Yehowae nye míaƒe Mawu.’ ”


Ame siwo katã tsi agbe tso dukɔ siwo wɔ avu kple Yerusalem me la ayi aɖasubɔ Fia si nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe sia ƒe, eye woaɖu Agbadɔmeŋkekenyuiwo.


Yehowa aɖu fia ɖe anyigba blibo la dzi. Gbe ma gbe la, Yehowa ɖeka koe anɔ anyi, eye eya ko ƒe ŋkɔe anɔ anyi.


“Dukɔ geɖewo ava ƒo ƒu ɖe Yehowa ŋu gbe ma gbe, eye woanye nye amewo. Manɔ mia dome eye mianya be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ.


Tso ɣedzeƒe yi ɖe ɣetoɖoƒe ke la, dukɔ bubuwo ado nye ŋkɔ ɖe dzi tso ŋdi va se ɖe fiẽ. Le xexea me godoo woatsɔ vɔsa ʋeʋẽ lĩlĩlĩwo kple vɔsa kɔkɔewo ade bubu nye ŋkɔ ŋuti elabena mexɔ ŋkɔ le dukɔwo dome.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Ɖe Mawu nye Yudatɔwo ɖeɖe ko ƒe Mawua? Ɖe Mawu menye ame siwo menye Yudatɔwo o hã ƒe Mawu oa? Ɛ̃, enye ame siwo menye Yudatɔwo o hã ƒe Mawu.


Nye, Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla gbɔe agbalẽ sia tso, Na Mawu ƒe ame siwo kaka ɖe xexea me godoo: Mele gbe dom na mi katã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa