Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 2:22 - Agbenya La

22 anyigba hã aɖo to bli, aha yeye kple ami, eye woawo hã woaɖo to Yezreel ƒe gbe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 ànye nye ŋugbetɔ le nyateƒe me, ne nadze si Yehowa.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 2:22
8 Mawu Ofanana  

Womagayɔ wò azɔ be Wogbe nu le egbɔ, alo ayɔ wò anyigba be Gbegbe o. Ke boŋ woayɔ wò be, Hefziba si gɔmee nye Eƒe nu nyo ŋunye, eye woayɔ wò anyigba be Biula, si gɔmee nye eɖe srɔ̃, elabena wò nu anyo Yehowa ŋu, eye wòaɖe wò anyigba abe srɔ̃ ene.


Mana dzi wo, ne woadze sim be nyee nye Yehowa. Woanye nye dukɔ eye manye woƒe Mawu elabena woatrɔ agbɔ, ava gbɔnye kple woƒe dzi blibo.’


Woava ado dzidzɔɣli le Zion ƒe togbɛwo dzi. Woatso aseye ɖe Yehowa ƒe nu gbogbo siwo nye, bli, aha yeye, ami, alẽvi kple nyiviwo ŋuti. Woawo anɔ abe amabɔ si wode tsii nyuie la ene eye womagaxa nu azɔ o.


Ekema Yudatɔwo kple Israelviwo awɔ ɖeka, eye woaɖo fia ɖeka; wo katã woatrɔ tso aboyome ɖekae, eye Yezreel ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã aɖe ŋutɔ.”


Eye Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Yezreel, elabena madidi o la, mahe to na Yehu ƒe aƒe la le ʋu si wokɔ ɖe anyi le Yezreel ta, eye matsi Israel ƒe fiaɖuƒe la nu.


Amewo aganɔ anyi ɖe eƒe vɔvɔli te bɔkɔɔ, aʋã abe bli ene, aƒo se abe wainti ene, eye axɔ ŋkɔ abe Lebanon ƒe wain ene.


Yehowa aɖo eŋu be, “Kpɔ ɖa, mele bli, wain yeye kple ami ɖom ɖe mi be miaɖi ƒo. Nyemagawɔ mi mianye fewuɖunu na dukɔwo azɔ o.


Makplɔ wo agbɔe be woava nɔ Yerusalem. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa