Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 2:19 - Agbenya La

19 Mabla wò ɖe ɖokuinye ŋu tegbee; matsɔ dzɔdzɔenyenye, nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ abla wò ɖe ɖokuinye ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Made Baalwo ƒe ŋkɔ ɖa le eƒe nu me, eye woƒe ŋkɔ magava ame ƒe ta me azɔ o.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 2:19
27 Mawu Ofanana  

Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ do go wo nɔewo, eye dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa gbugbɔ nu na wo nɔewo.


Woaɖe Zion kple afia nyui tsotso, eye woaɖe eƒe dzimetrɔlawo kple dzɔdzɔenyenye.


Woaɖo gɔwòme anyi le dzɔdzɔenyenye me. Ŋutasesẽ anɔ adzɔge na wò. Màvɔ̃ na naneke o. Ŋɔdzi ate ɖa xaa tso gbɔwò, eye mate ɖe ŋuwò o.


elabena wò wɔlae nye srɔ̃wò. Eƒe ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ. Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò Ɖela. Woyɔnɛ be anyigba blibo la ƒe Mawu.


Yehowa agbugbɔ ayɔ wò vɛ, abe nyɔnu si gbɔ srɔ̃a gbe nu le, eye eƒe gbɔgbɔ le nu xam la ene. Abe ame si ɖe srɔ̃ le ɖetugbime, eye srɔ̃a gblee ɖi la ene” Wò Mawu lae gblɔe.


Ne mieta nu be ‘Zi ale si Yehowa le agbe’ le nyateƒe, kakaɖedzi kple dzɔdzɔenyenye me la, ekema ayra dukɔwo eye le eya amea mee woaƒo adegbe le.”


“Emegbe la, metso eme va yi, eye esi mekpɔ be ètsi na srɔ̃ɖeɖe la, mekeke nye awu to ɖe dziwò, eye metsyɔ nu wò amama. Meka atam na wò, mebla nu kpli wò, eye nèzu tɔnye. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.


Nyemagaɣla nye mo ɖe wo o, elabena makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe Israel ƒe aƒe la dzi.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”


“Ekema mada gbe le woƒe mɔtatra ŋu, eye magalɔ̃ wo kple dzi faa, elabena nye dɔmedzoe nu afa keŋ.


Ke Yuda anɔ anyi tegbetegbe, eye Yerusalem anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.


“Gbe ma gbe la, maɖe legbawo katã ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba la dzi, eye womagaɖo ŋku wo dzi akpɔ gbeɖe o.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Maɖe nyagblɔɖilawo kple makɔmakɔnyenye ƒe gbɔgbɔ ɖa le anyigba la dzi.


Ŋugbetɔ la nye ŋugbetɔsrɔ̃ la tɔ. Ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃ si subɔa ŋugbetɔsrɔ̃ la nɔa to dzi, eye wòkpɔa dzidzɔ ne ese ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe. Nyee nye ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃, eya ta dzidzɔkpɔkpɔ yɔ menye ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ta.


Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, be miazu ame bubu si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la tɔ, be míatse ku na Mawu.


Metsɔ Mawu ƒe ŋuʋaʋã le ŋu ʋãm le mia ŋu; elabena medo mia ŋugbe na ŋutsu ɖeka, si nye Kristo be mianye eya ɖeka ko tɔ, abe ale si ɖetugbi dzadzɛ tsɔa eƒe lɔlɔ̃ naa ŋutsu si ƒe ŋugbe wodo nɛ la ene.


Mekpɔ Du Kɔkɔe la si nye Yerusalem yeye la le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye woɖo atsyɔ̃ nɛ abe ŋugbetɔ si wowɔ leke na hena srɔ̃a ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa