Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 2:1 - Agbenya La

1 “Trɔ ŋkɔ na nɔviwò ŋutsua be Ami, si gɔmee nye ‘Azɔ ènye tɔnye,’ eye nàyɔ nɔviwò nyɔnu la be Ruhama si gɔmee nye ‘Nublanuikpɔkpɔ.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Israel-viwo ƒe xexlẽme anɔ abe ƒulake, sĩ mele dzidze kple xexlẽ me o la ene. Eye woava me be, woayɔ wo be „Mawu gbagbe viwo“, ɖe esi wogblɔ na wo he, Manyenyedukɔe mienye la teƒe.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 2:1
17 Mawu Ofanana  

makɔ yayra manyagblɔwo ɖe dziwò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ fũu abe ɣletivi siwo le dziƒo alo ƒutake ene. Wò dzidzimeviwo aɖu woƒe futɔwo dzi,


“Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe la le ɣeyiɣi ma megbe,” Yehowae gblɔe. “Matsɔ nye se ade woƒe susuwo me eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋuti. Manye woƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.


Woanye nye dukɔ eye nye hã manye woƒe Mawu.


Elabena Israel kple Yuda ƒe Mawu la Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, megbe wo o, togbɔ be woƒe anyigba la yɔ fũu kple nu vɔ̃ le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe ŋkume hã.


Ekema woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi, eye woakpɔ egbɔ be, yewowɔ nye seawo dzi. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu.


Madzi amewo kple lãwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe edzi le mia dzi, woadzi, eye woasɔ gbɔ. Mana amewo nanɔ mia dzi abe tsã ene, eye nuwo anyo na mi wu tsã. Ekema mianya be, nyee nye Yehowa.


Mianɔ anyigba si metsɔ na mia tɔgbuiwo la dzi; mianye nye amewo, eye manye miaƒe Mawu.


Nye nɔƒe anɔ wo dome; manye woƒe Mawu, eye woanye nye amewo.


“Mika mo na mia dada, elabena etrɔ zu ŋutsu bubu srɔ̃, eye nyemeganye srɔ̃a o. Mika mo nɛ be wòadzudzɔ ahasiwɔwɔ, eye megatsɔ eɖokui na ŋutsu bubuwo azɔ o.


Maɖo nye dukɔ Israel te na ɖokuinye le anyigba dzi, eye maɖe nye lɔlɔ̃ afia ame si meyɔ be ‘Menye nye lɔlɔ̃tɔe o.’ Magblɔ na ame siwo woyɔna be, ‘Mienye nye dukɔ o’ la be ‘Mienye nye dukɔ’; eye woawo hã agblɔ be, ‘Wòe nye mía Mawu.’ ”


Etɔ̃liawo ƒe ɖeka sia matsɔ ade dzo me, maklɔ wo ŋuti abe ale si woklɔa klosaloe ene, eye mado wo kpɔ abe ale si wodoa sika kpɔ ene. Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo. Magblɔ be, ‘Wonye nye amewo’ Woawo hã agblɔ be, ‘Yehowae nye míaƒe Mawu.’ ”


Mawu ŋutɔ ƒe nublanuikpɔkpɔ mee wòtso be wòtsɔ subɔsubɔdɔ sia de asi na mí be ɖeɖi metea mía ŋu le ewɔwɔ me o.


togbɔ be meɖu fewu le Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti kpɔ gɔ̃ hã. Meti eƒe amewo ƒe agbe yome, eye mewɔ nu vevi wo le mɔ ɖe sia ɖe si dzi mate ŋui la nu. Ke Mawu kpɔ nublanui nam, elabena nyemenya nu si wɔm menɔ la o, eye dzixɔse menɔ asinye o.


Tsã la, mienye dukɔ o, ke azɔ la, miezu Mawu ƒe dukɔ. Tsã la, womekpɔ nublanui na mi o, ke azɔ la, wokpɔ nublanui na mi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa