Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 14:6 - Agbenya La

6 Eƒe alɔdzewo atse nyuie, eƒe dzedzeme anɔ abe amiti ene, eye eƒe ʋeʋẽ anɔ abe Lebanon ƒe sedati ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Mana na Israel abe zãmu ene, aƒo se abe dzogbenya ene, eye wòato ke abe Libanon ene.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 14:6
19 Mawu Ofanana  

Ke nye la, mele abe amiti si le tsetsem le Mawu ƒe aƒe me la ene. Meɖo dzi ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Mexɔ fetu geɖe si wu gbɔgblɔ; mexɔ nunanawo fũu. Esi Epafrodito va la, etsɔ nunana gbogbo siwo mieɖo ɖem la vɛ nam. Nunana siawo nye vɔsanu ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Mawu ŋu.


“Nyee nye Wainti vavã la, eye Fofonyee nye Agbletɔ la.


Lo bubu si wògado na wo lae nye esi: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ʋuti ƒe ku si nye atikutsetse suetɔ kekeake si wodo ɖe anyigba ƒe tu me ene.


Yehowa na ŋkɔ wò be amiti dama si dzi kutsetse nyuiwo le. Gake le gbeɖeɖe aɖe abe ahom sesẽ ene me la, ana dzo afiae eye eƒe alɔdzewo hã afia keŋkeŋ.


Srɔ̃wò anɔ abe wainka si tse kplanyaa la ene anɔ aƒewò me; viwò ŋutsuwo anɔ abe amitiɖɔmi ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo.


Yakob te ɖe fofoa ŋu, eye wògbugbɔ eƒe alɔgo. Ʋeʋẽ si Isak se le awu siwo Yakob do me la na wòbu be Esaue. Eyrae hegblɔ be, “Ehɛ̃, Vinye ƒe ʋeʋẽ sɔ kple ʋeʋẽ nyui si dona tso anyigba kple agble si Yehowa yra la ene.


Ame dzɔdzɔewo atsi abe ale si deti tsinae ene, woatsi akɔ abe Lebanon ƒe sedati ene;


Ŋkekewo li gbɔna esi Yakob ato ke; Israel aƒo se, eye eƒe kutsetse ayɔ xexea me katã.


aƒo se, atso aseye, eye wòado dzidzɔɣli. Woagbugbɔ Lebanon ƒe ŋutikɔkɔe nɛ, Karmel ƒe lãnyiƒe kple Saron ƒe gbe dama ƒe atsyɔ̃ agatrɔ ava na wo, eye woakpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kple míaƒe Mawu la ƒe atsyɔ̃.


Ne miekpɔ esia la, miaƒe dziwo akpɔ dzidzɔ, eye miatsi abe gbe ene. Woaɖe Yehowa ƒe asi ɖe go afia eƒe dɔlawo. Ke woaɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la, afia eƒe futɔwo.


Mina míatrɔ ɖe Yehowa ŋu. Mina míadze agbagba be míanyae, eye abe ale si ɣedzedze kple kelemetsi medana le edzi o ene la, nenema ke kakaɖedzi li be magbe tɔtɔ na mí o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa