Esa vɔ na Damaskotɔ siwo ɖu edzi le aʋa me la ƒe mawuwo elabena ebu be, mawu siawoe kpe ɖe Siria fia ŋu eya ta woakpe ɖe ye hã ŋu ne yesa vɔ na wo. Ke mawu mawo boŋue he dzɔgbevɔ̃e va eya ŋutɔ kple Israel katã dzi.
Miaƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ahe to na mi eye miaƒe megbedede aka mo na mi. Bu eŋu nàdze si ale si wòavɔ̃ɖi na wò, ahave wòe esi nègblẽ Yehowa, wò Mawu la ɖi, eye mèvɔ̃m o la ta.” Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
“Nye ɖeka koe nye Yehowa, miaƒe Mawu, eye alea ko mele tso esime ke mekplɔ mi do goe tso Egipte. Mawu bubu aɖeke mele mia si o, negbe nye ko, elabena ɖela aɖeke meli kpe ɖe ŋutinye o.
Miegblɔ be, ‘Mawusubɔsubɔ kple eƒe seawo dzi wɔwɔ sesẽ loo!’ Ale miegblɔ be, ‘yewomawɔ ɖe se siwo wòde na mi la dzi o,’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Mibu eŋuti kpɔ! Mietsɔ lã xɔabiwo, lã lédɔwo kple lã siwo mede blibo o la sa vɔe nam!” Yehowa be, “Enyo be maxɔ nunana sia tɔgbiwoa?
“Azɔ miele kuku ɖem be, Mawu, kpɔ míaƒe nublanui, Esi mietsɔ nunana madzemadze mawo vɛ ɖe, nu ka ta wòakpɔ nublanui na mi?” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.