Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 13:7 - Agbenya La

7 eya ta mava dze mia dzi abe dzata ene, made xa ɖe mɔ to na mi abe lãklẽ ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eyata mezu dzata na wo, eye mede xa de mɔ to abe lãkle ene.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 13:7
10 Mawu Ofanana  

Ne mefɔ mo dzi la, ekema èɖeam ɖe nu abe dzata ene eye nèɖea wò ŋusẽ dziŋɔ la fiana ɖe ŋutinye.


Yehowa ado abe kalẽtɔ ene. Ade dzo eɖokui me abe aʋawɔla ene. Atsɔ eƒe gbe ado aʋaɣli, eye wòaɖu eƒe futɔwo dzi.


Agblẽ eƒe ave ɖi abe dzata ene, eye woƒe anyigba azu gbegbe le ameteɖetola ƒe yi kple Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.


Eya ta dzata ado tso ave me ava dze wo dzi, amegaxi ado tso gbegbe avuvu wo, eye lãkle ava de xa ɖe woƒe duwo ƒe gbɔto, be wòavuvu ame si ake atse ado go la ʋayaʋaya, elabena woƒe aglãdzedze lolo, eye woƒe megbededewo sɔ gbɔ.


Abe sisiblisi si de xa ɖi kple dzata si le adeklo dzi ene la,


Manye dzata ɖe Efraim ŋu, eye manye dzatavi ɖe Israel ƒe aƒe la ŋu. Nye, ɛ̃, nye ŋutɔ mavuvu wo ʋayaʋaya adzo; malé wo adzoe, eye ame aɖeke maxɔ wo le asinye o.


Egblɔ be, “Yehowa ɖe gbe abe dzata ene tso Zion, eye eƒe gbe ɖi tso Yerusalem. Enumake lãnyiƒewo ƒu kplakplakpla, eye Karmel to la tame yrɔ.”


Ɖe dzata ɖea gbe le ave me ne melé nu oa? Ɖe dzata tea gbe le eƒe do me ne mekpɔ lé nu haɖe oa?


Dzata ɖe gbe, ame kae mavɔ̃ o. Yehowa Mawu ƒo nu, ame kae agbe be yemagblɔ nya ɖi o.


Lã wɔadã si mekpɔ la ɖi lãkle, gake eƒe afɔwo nɔ abe sisiblisi tɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata tɔ ene. Ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋusẽ, fiazikpui kple dziɖuɖuŋusẽ na lã wɔadã la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa