Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 13:6 - Agbenya La

6 Ke esi mieɖu nu ɖi ƒo vɔ la, dada yɔ mia me, mieŋlɔm be,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Esi wokpɔ gbeɖuƒe la, woɖu nu ɖi ƒo; eye esi woɖi ƒo la, woƒe dzi de esi dada me, eye woŋlɔm be.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 13:6
23 Mawu Ofanana  

Togbɔ be èwɔ nukunu geɖewo na wo, eye nèkɔ wò amenuveve ɖe wo dzi fũu hã la, womesubɔ wò o. Èna anyigba gã aɖe si nyoa nu la wo, gake wogbe asiɖeɖe le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu.


Ame vɔ̃ɖi la media eƒe mɔ o, le dada viviwo ta, le eƒe ŋugblededewo katã me la, meɖoa ŋku Mawu dzi o.


Ne menye nenema o la, mava ɖi ƒo akpa, agbe nu le gbɔwò ahabia be, ‘Ame kae nye Yehowa?’ Alo mada ahe akpa, afi fi.


Elabena èŋlɔ Mawu, wò xɔnametɔ la be, eye mèɖo ŋku agakpe si nye wò mɔ sesẽ la dzi o. Eya ta togbɔ be nèƒã nuku nyuiwo, eye nèdo du bubu me tɔwo ƒe wainkawo;


“Nu ka ta matsɔe ake mi ɖo? Mia viwo gbem, eye wota mawu siwo menye mawu o togbɔ be mekpɔ woƒe hiahiãwo katã gbɔ na wo hã la, wogayi ɖawɔ ahasi, eye woƒo ta kpli ɖe gboloxɔwo me.


“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Esi nèŋlɔm be, eye nètsɔm ƒu gbe ɖe megbe ta la, ele na wò be nàtsɔ wò ŋukpenanuwɔwɔwo kple wò gbolowɔwɔ ƒe yomedzenuwo.”


Le wò nunya gã tso asitsatsa ŋu ta la, èdzi wò hotsuikpɔkpɔ ɖe edzi, eye le wò hotsuikpɔkpɔ ta la, wò dzi dana.


Kpɔ ale si kesinɔnuwo yɔ Israel ɖa! Israel le abe wainka si vu, eye wòtse ku kplanya la ene. Ale si ke wòtse ku geɖewoe la, nenema ke wòtua vɔsamlekpuiwoe. Zi ale si meyra ɖe eƒe anyigba dzi la, zi nenema ke wòliaa legba dzɔtsuwoe.


Efraim dana gblɔna be: “Kesinɔtɔ gã aɖee menye! Le nye kesinɔnu gbogboawo ta la, womakpɔ vodada alo nu vɔ̃ le menye o.”


Mahe to nɛ ɖe ɣeyiɣi siwo wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ na Baalwo, eƒe legba Baal, eye wòde eƒe togɛ kple kɔsɔkɔsɔwo, hedze eƒe lɔlɔ̃tɔwo yome, hegblẽm ɖi. Yehowae gblɔe.


eye ne eti eƒe lɔlɔ̃tɔwo yome la matu wo o. Adi wo kple ŋkubiã gake makpɔ wo o. Ekema agblɔ na eɖokui be, ‘Anyo ne metrɔ yi ɖe srɔ̃nye gbɔ, elabena esi menɔ egbɔ la, nuwo dze edzi nam wu fifia.’


Le simadzemadze ta nye amewo le tsɔtsrɔ̃m, esi mi, nunɔlawo, miedo vlo sidzedze ta la, nye hã megbe be miaganye nye nunɔlawo o, eye esi mieŋlɔ miaƒe Mawu ƒe sewo be ta la, nye hã maŋlɔ mia viwo be.


Zi ale si nunɔlawo le agbɔ sɔm ɖe edzi la, zi nenema kee wole nu vɔ̃ wɔm ɖe ŋutinye, eya ta matrɔ woƒe ŋutikɔkɔe wòazu ŋukpe na wo.


Manye dzata ɖe Efraim ŋu, eye manye dzatavi ɖe Israel ƒe aƒe la ŋu. Nye, ɛ̃, nye ŋutɔ mavuvu wo ʋayaʋaya adzo; malé wo adzoe, eye ame aɖeke maxɔ wo le asinye o.


Womedo ɣli nam tso woƒe dzi me o, ke wofa avi le woƒe abawo dzi. Woƒoa ƒu ɖe bli kple aha yeye ŋuti, ke nye la, wotrɔ le yonyeme.


Israel ŋlɔ eƒe wɔla be, eye wòtu fiasã gã dranyiwo. Yuda ɖo gli sesẽwo ƒo xlã eƒe duwo. Maɖo dzo ɖa wòafia woƒe duwo, eye wòabi woƒe mɔ sesẽwo.”


Woɖo fiawo, gake womebia gbem hafi o, eye wotia dumegã siwo dzi nyemeda asi ɖo o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legbawoe na wo ɖokui hena woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃.


Eɖe kɔ ɖa le Agakpe si wɔe la ŋu ŋlɔ be be Mawue wɔ ye.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa