O! Mawu, wòe nye nye Mawu, mele diwòm vevie; tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò, nye ameti blibo la mele diwòm, le kuɖiɖinyigba si ƒu kplakplakpla, eye tsi aɖeke meli o la dzi.
“Yi nàkui ɖe to me na Yerusalem be, “Ale Yehowa gblɔe nye si: “ ‘Meɖo ŋku wò ɖetugbime ƒe nuteƒewɔwɔ dzi, kple ale si nèlɔ̃mee esi nènye nye ŋugbetɔ. Èkplɔm ɖo to gbedadaƒo kple kuɖiɖinyigba dzi.
Womebia be, ‘Afi ka Yehowa, ame si kplɔ mí tso Egipte, to dzogbe, afi si nuku mewɔna le o, to gbedadaƒo kple aganuwo, to kuɖiɖinyigba dzi kple viviti me, anyigba si dzi ame aɖeke metona alo tso aƒe ɖo o la le?’ o.
“Esi medo go Israel la, enɔ nam abe waintsetse le gbegbe ene; esi medo go wo fofowo la, enɔ nam abe gbotsetse gbãtɔ le gboti dzi ene. Ke esi wova Baal Peor gbɔ la, wotsɔ wo ɖokuiwo na ŋukpenalegba la eye woɖi gbɔ̃ abe legba si ŋu woku ɖo la ene.
Ke azɔ esi mienya Mawu alo magblɔ be Mawu boŋ nya mi la, nu ka ta miagadi be yewoagbugbɔ ayi subɔsubɔ gbɔdzɔ, dahe, dzodzrowo gbɔ ɖo? Ɖe miedi be yewoaganye kluvi na wo akea?
Yehowa, míaƒe Mawu la kpɔ mía ta, eye wòyra míaƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe le míaƒe mɔzɔzɔ me le ƒe blaene siawo katã me, esime míetsa tsaglalã le gbegbe gã la. Naneke mehiã mí le ɣeyiɣi ma katã me o!
Mikpɔ nyuie be, miagaŋlɔ Mawu, ame si kplɔ mi to gbedzi dziŋɔ la dzi, afi si da aɖivɔ̃wo kple ahɔ̃wo bɔ ɖo, teƒe si xɔ dzo heƒu la be o. Ena tsi mi tso Agakpe la me!