Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 13:3 - Agbenya La

3 Wo katã woabu vĩi abe afu ene, eye woaƒu enumake abe ahũ ene; woakaka abe ale si ya kakana atsakiti ene, eye woabu abe dzudzɔ ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eyata woanɔ abe ŋdililikpo kple zãmu, si nu yina le ŋdi ene, abe tsro, si ya kplɔna dzonɛ le lugbɔƒe, kple dzudzɔ, si toa fesre nu ene.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 13:3
11 Mawu Ofanana  

Zi nenie wole abe gbe ƒuƒu si ya lɔ ɖe nu alo atsa si ahom lɔ ɖe nu ene?


Ŋɔdzidodowo nye tsyɔ dzinye, wonya nye bubu ɖe nu abe ale si ya lɔa nu ɖe nue ene eye nye dedinɔnɔ bu abe lilikpo ene.


Mele alea na ame vɔ̃ɖi ya o! Wole abe blitsro si ya ƒona dzonae la ene.


Gbɔ wo ɖa abe ale si ya gbɔa dzudzɔ dzonae ene. Abe ale si yɔkumi lolõna le dzo nu ene la, nenema ame vɔ̃ɖiwo atsrɔ̃e le Mawu ŋkume.


Togbɔ be ameawo le hoo wɔm abe tsi sesẽwo ƒe hoowɔwɔ ene hã la, ne èblu ɖe wo ta la, wosina yia megbe ke. Èɖe wo ɖe ŋu abe gbe ƒuƒuwo le towo dzi kple yali le ahom nu ene.


Tete gayibɔ la, tsu la, akɔbli la, klosalo la kple sika la gbã gudugudu le ɣeyiɣi ɖeka ma me eye wozu abe tsro le lugbɔƒe le dzomeŋɔli ene. Ya ƒo wo dzoe eye wo teƒe megadze o. Ke kpe si dze legba la, trɔ zu to gã aɖe eye wòxɔ anyigba blibo la dzi.


“O, Efraim, nu ka mawɔ na wò, O, Yuda, nu ka mawɔ kpli wò?


hafi ɣeyiɣi si woɖo ɖi la naɖo, eye ŋkeke ma nava gbɔ mi abe atsa ene, hafi Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la nava dziwò, hafi Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke la nava dziwò.


“Atiku la amie, atsi, wainkawo atse nyuie, anyigba aʋã eƒe nukuwo, eye ahũ adza tso dziƒo. Matsɔ nu siawo katã ana nye ame siwo susɔ la abe woƒe domenyinu ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa