Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 13:13 - Agbenya La

13 Efraim se veve abe nyɔnu si le ku lém la ene, gake ele abe vi manyanu ene, elabena ne eƒe ɣeyiɣi de la, medoa ta ɖe vidzidɔ nu o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Alé ku abe nyɔnu, si le vi dzim ene; vi manyanu wònye, elabena ne azã de la, metoa vidzimɔ nu o.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 13:13
23 Mawu Ofanana  

“Fia Hezekia be, ‘Egbee nye xaxagbe, amedzugbe kple vlodoamegbe. Ele abe ale si nyɔnu aɖe anɔ ku lém gake ŋusẽ mele eŋu wòasii adzi o la ene.


Dzidzi ƒo wo, eye wose veve abe nyɔnu si le ku lém la ene.


Nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e gbɔna eye wòɣla eɖokui gake bometsila ya yiyim ko wòle eye wòkpea fu ɖe enu.


Vevesese kple nuxaxa alé wo, eye woaŋe abe nyɔnu si le ku lém la ene. Woƒe mo anɔ vevem hẽe, eye woafɔ ŋku ɖe wo nɔewo dzi gaa.


Eya ta vevesese na nye ameti blibo la meʋuʋu. Vevesese ƒo ɖem abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene. Nu siwo mese la na memu sɔgɔsɔgɔ, eye dzidzi ƒom le nu siwo mekpɔ la ta.


Abe ale si nyɔnu si le ku lém la ŋena hedoa ɣli le vevesese ta ene la, nenema kee míele le ŋkuwò me, O! Yehowa.


Wogblɔ nɛ be, Ale fia Hezekia gblɔe nye esi: “Egbee nye xaxa, mokaka kple vlodogbe. Enye ɣeyiɣi sesẽ abe nyɔnu si vi ɖo atame na be wòadzi, gake ŋusẽ mele eŋu be woasii adzi o la ene.


Ɖe mana be vidziɣi naɖo, gake magbe vixexea?” Yehowae gblɔe. “Ɖe nye ame si ɖe mɔ be woadzi vi la, natu vidzidɔa?” Wò Mawu lae gblɔe.


Nu ka nàgblɔ nenye be Yehowa tsɔ ame siwo nèhe be woanye xɔ̃wòwo la ɖo tatɔwo na wò? Ɖe màse veve abe nyɔnu si le ku lém la ene oa?


Mi, ame siwo tso aƒe ɖe Lebanon, heɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le sedatixɔwo me, aleke miahaɖe hũu, ne vevesese va mia dzi! Miase veve abe nyɔnu si le ku lém la ene!”


Bia eye nàkpɔe ɖa be, Ɖe ŋutsu afɔ fu ahadzi via? Ekema, nu ka ta mekpɔ ŋutsu sesẽ ɖe sia ɖe le asi lilim eƒe ƒodo dzi abe nyɔnu si le ku lém ene, eye woƒe mowo fu tititi ale?


Mese ɣli aɖe abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene. Mese ŋeŋe aɖe abe nyɔnu si le vi gbãtɔ dzim la tɔ ene. Ɣli la nye Zion vinyɔnu si lé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo hetsɔ eƒe asiwo do ɖe dzi la tɔ. Ele gbɔgblɔm be, “Evɔ nam! Nye mo le zi tsyɔm; wotsɔ nye agbe de asi na amewulawo.”


Damasko zu nu beli, vɔvɔ̃ ɖoe eye wòtrɔ helé du tsɔ, elabena vɔvɔ̃ ɖoe eye ŋeŋe kple vevesese xɔe abe nyɔnu kuléla ƒe vevesese ene.


“Miaƒe nuwɔwɔwo mate ŋu ana miatrɔ ava miaƒe Mawu la gbɔ o, elabena gbolowɔwɔ ƒe gbɔgbɔ le miaƒe dzi me ke, eye le esia ta miate ŋu anya Yehowa o.


Ne nyɔnu le ku lém la, esea veve, gake ne edzi vi ko la, eŋlɔa vevesese la be, elabena ekpɔa dzidzɔ be yedzi vi ɖe xexea me.


Elabena edziedzi la, mawudɔla aɖe ɖina va blua tsi la, eye dɔnɔ si ge ɖe tsia me gbã le ebublu vɔ megbe la kpɔa dɔyɔyɔ.]


Ke esi wòɖe nya me na wo le dzɔdzɔenyenye, ɖokuidziɖuɖu kple ʋɔnudɔdrɔ̃ si li gbɔna ŋu la, vɔvɔ̃ ɖo Felix, eye wògblɔ na Paulo be neyi gbɔ, ne yegakpɔ ɣeyiɣi nyui aɖe la, yeagaɖo ame ɖee.


Elabena Mawu gblɔ be, “Meɖo to wò le nye amenuveɣi la, eye mekpe ɖe ŋuwò le xɔxɔgbe la.” Mele egblɔm na wò be, fifiae nye amenuveɣi, kpɔ ɖa fifiae nye xɔxɔgbe!


Nu siae nàwɔ ɖe Yehowa ŋua? O! Dukɔ si me abunɛtɔwo le. Ɖe menye Mawue nye fofowò oa? Menye eyae wɔ wò oa? Ɖe meɖo gɔwòme anyi, hena ŋusẽ wò oa?


Esime amewo le gbɔgblɔm be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ” li la, gbegblẽ ava ƒo ɖe wo dzi kpoyi abe ale si fu ɖua funɔe, eye mate ŋu asi le enu o ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa