Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 11:9 - Agbenya La

9 Gbeɖe, nyemahe to na mi abe ale si nye dziku helĩhelĩ le gbɔgblɔm nam ene o, eye nyemagbã Efraim gudugudu hã o, elabena Mawue menye, eye menye amegbetɔe menye o. Nyee nye Kɔkɔetɔ si le mia dome eye nyemava le dziku me be magblẽ nu o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Nyemawɔ nu le nye dɔmedzoe heliheli me o, eye nyemagagblẽ Efrayim azɔ o, elabena Mawu menye, eye menye amegbetɔ o, kɔkɔelɔ menye le dowòme, eye nyemava le dziku me o.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 11:9
30 Mawu Ofanana  

Amasa mekpɔ yi ɖaɖɛ si Yoab lé kple miasi la o. Ale Yoab nyrɔ yi la ɖe dɔme nɛ flo, eƒe dɔmenuwo kaka ɖe anyigba eye wòku ɖe afi ma enumake. Yoab kple nɔvia Abisai gblẽe ɖe afi ma eye woti Seba, Bikri vi la yome.


Mawu le afi ma, eya ta mamu adze anyi o. Mawu akpe ɖe eŋu ne ŋu ke teti.


Gake ekpɔ nublanui na wo; etsɔ woƒe vodadawo ke wo, eye metsrɔ̃ wo o. Zi geɖe la, eɖoa asi eƒe dziku dzi, eye menaa eƒe dɔmedzoe katã bina o.


O! Mawu, míaƒe Ɖela, gaɖo mí te, míaƒe nu meganɔ dzi kum na wò o.


Mido ɣli, eye mitso aseye, mi ame siwo le Zion, elabena gãe nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ si le mia dome.”


Baba na ame siwo ƒu du yi ɖe Egipte be woaxɔ na yewo; ame siwo ɖo dzi ɖe sɔwo ŋu, eye woɖo ŋu ɖe woƒe tasiaɖam gbogboawo ŋu, hetsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ de sɔdolawo ƒe ŋusẽ triakɔ la me. Ke womeɖo ŋu ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu loo alo be yewoabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu o.


Mègavɔ̃ o. O! Ŋusẽmanɔsitɔ, Yakob, O! Israel beli, elabena nye ŋutɔ makpe ɖe ŋuwò.” Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae gblɔe.


Àgbɔ wo, ya aƒo wo adzoe, eye ahomuya alɔ wo ɖe nu, ke wò ya, àdzɔ dzi ɖe Yehowa ŋu, eye àtso aseye ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu.


Le nye ŋutɔ nye ŋkɔ ta la, mehe nye dɔmedzoe ɖe megbe. Le nye kafukafu ta la, nyemena wòva mia dzi o, be nyematsrɔ̃ mi o.


Eya ta abe ale si dzo ƒe aɖe fiaa bee, eye gbe ƒuƒu bina le dzo me ene la, nenema kee woƒe kewo anyunyɔ, eye ya aƒo woƒe seƒoƒowo adzoe abe ʋuʋudedi ene, elabena wogbe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nufiame, eye woɖe alɔme le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo ŋu,


Ɖewohĩ woaɖo to eye wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi. Ekema maɖe asi, eye nyemagahe gbegblẽ si meɖo ɖe wo ŋu le woƒe nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ ta la ava wo dzi o.’


Meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe. “Togbɔ be matsrɔ̃ dukɔ siwo katã me mekaka mi ɖo hã la, nyematsrɔ̃ miawo ya keŋkeŋ o. Nyemagblẽ mi ɖi tomahemahee ya o, mahe to na mi gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi.


Efraim ƒua du kplɔa ya ɖo, etia ɣedzeƒeya yome ŋkekea katã, eye wòdzia alakpa kple ŋutasesẽ ɖe edzi. Ebla nu kple Asiria, eye wòɖo ami ɖe Egipte.


“Ekema mada gbe le woƒe mɔtatra ŋu, eye magalɔ̃ wo kple dzi faa, elabena nye dɔmedzoe nu afa keŋ.


“Nyee nye Yehowa, nyemetrɔna gbeɖe o, eya tae mi Yakob ƒe dzidzimeviwo mietsrɔ̃ haɖe o, elabena nye nublanuikpɔkpɔ li ɖaa.


Mawu menye amegbetɔ, aka aʋatso o. Metrɔa eƒe tameɖoɖo. Abe amegbetɔwo ene o. Ɖe wòdo ŋugbe kpɔ gbe edziwɔwɔa?


Migatsɔ woƒe nuwo dometɔ aɖeke na mia ɖokuiwo o! Ekema Yehowa miaƒe Mawu aɖe asi le eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la ŋu, akpɔ nublanui na mi, eye wòawɔ mi dukɔ gã aɖe abe ale si wòdo ŋugbe na mia tɔgbuiwo ene.


Abisai do dalĩ na David be, “Mawu tsɔ wò futɔ de asi na wò egbe, ɖe mɔ nam matsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ atu edzi eye mamimii ɖe anyigba. Mahiã be magatui edzi zi evelia kura o!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa