Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 10:6 - Agbenya La

6 Ne Asiriatɔwo ɖe aboyo wo mlɔeba la, woatsɔ woƒe nyivimawu la ana Asiria fia, Yareb, abe nunana ene. Ŋukpe alé Efraim, eye Israel ƒe mo atsi yaa le eƒe legbawo ta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Woakplɔ nyivi la ayi Asur atsɔ awɔ nunanae na fia Yareb; ŋukpe alé Efrayim, eye Israel ƒe mo atsi dã ɖe eƒe tameɖoɖo la ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 10:6
22 Mawu Ofanana  

Asiria fia Salmaneser ho aʋa ɖe Fia Hosea ŋu eye wòɖu edzi. Ale wònɔ na Israel be wòanɔ ga home gã aɖe xem na Asiria ƒe sia ƒe.


Megatea ŋu ɖea abla o eye eya ŋutɔ ƒe nuɖoɖowo ƒunɛ anyi.


“Ŋu akpe mi le logoti siwo ŋu miekpɔa dzidzɔ le la ŋu; woade ŋukpe mo na mi le abɔ siwo mielɔ̃na la ta.


Ke Farao ƒe akpoxɔnunyenye na mi atrɔ zu ŋukpe, eye Egipte ƒe vɔvɔlitenɔnɔ ahe vlododo vɛ na mi.


Aklamakpakpɛwɔlawo katã aɖu ŋukpe, eye woakpɔ vlododo. Wo katã woaɖu ŋukpe.


Ekema Kemos akpe ŋu na Moab, abe ale si ŋu kpe Israel ƒe aƒe la esi wòtsɔ eƒe susu da ɖe Betel dzi ene.’


Gake womeɖo to alo see nam gɔ̃ hã o, ke boŋ wowɔ nu dzeaglã siwo woƒe dzi vɔ̃ɖiwo gblɔ na wo. Wote gbugbɔɖemegbezɔzɔ, eye womezɔ yi ŋgɔ o.


Èwɔ gbolo kple Asiriatɔwo hã, elabena dzodzro mevɔ le mewò o, eye le esia megbe gɔ̃ hã la, meɖi kɔ na wò o.


Ekema miaɖo ŋku miaƒe mɔ vɔ̃wo kple miaƒe ŋutasẽnuwɔwɔwo dzi, eye miaƒe nu anyɔ ŋu na miawo ŋutɔ le miaƒe nu vɔ̃wo kple nuwɔna vlowo ta.


Axɔ woƒe mawuwo le wo si, woƒe gayibɔlegbawo kple woƒe nu vevi siwo nye klosalo kple sika eye wòatsɔ wo adzoe ayi Egipte. Ana gbɔdzɔe Anyiehefia ƒe aɖewo.


eya ta ya sesẽ aɖe ava ƒo wo adzoe, eye woƒe vɔsawo ahe ŋukpe vɛ na wo.


Zi ale si nunɔlawo le agbɔ sɔm ɖe edzi la, zi nenema kee wole nu vɔ̃ wɔm ɖe ŋutinye, eya ta matrɔ woƒe ŋutikɔkɔe wòazu ŋukpe na wo.


“Esi Efraim kpɔ eƒe dɔléle, eye Yuda hã kpɔ eƒe abiwo ta la, Efraim trɔ ɖe Asiria ŋu, eye wòdɔ ame ɖo ɖe fiagã la gbɔ, gake mate ŋu ada gbe le mia ŋu, ana miaƒe abiwo naku o.


Nu siawo dzɔ tso Israel, nyivilegba si gbede tu la, menye Mawu o, eya ta woagbã Samaria ƒe nyivi la gudugudu.


Miewɔ nu ɖe Omri ƒe sewo nu eye miewɔ Ahab ƒe aƒe la ƒe nuwɔnawo katã. Miedze woƒe nuɖoanyiwo yome eya ta matsɔ mi ade asi na gbegblẽ eye wò amewo azu alɔmeɖenu; ale dukɔwo ƒe vlododo ava dziwò.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa