Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 10:10 - Agbenya La

10 Matso ɖe mia ŋuti le miaƒe tosesẽ ta; ɖe miaƒe nu vɔ̃ siwo do agba ɖe mia dzi ta la, madɔ dukɔ bubuwo ƒe asrafowo ɖe mia ŋuti be woahe to na mi, le miaƒe nu vɔ̃ eve siwo dzɔ le ɣeyiɣi ɖeka me la ta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Mahe to na wo ɖe nye didi nu, eye dukɔwo aƒo wo ɖokui nu ƒu ɖe wo ŋu, ne mebe, mahe lo na wo le woƒe vodada eveawo ta.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 10:10
20 Mawu Ofanana  

Ale Yeroboam wɔ eƒe aɖaŋuɖolawo ƒe gbe dzi, wowɔ sikanyivi eve eye wògblɔ na eƒe amewo be, “Enye fukpekpe na mi akpa be miayi Yerusalem aɖasubɔ Mawu. Israel, kpɔ ɖa, sikanyivi siawoe anye miaƒe mawuwo; woawoe ɖe mi tso kluvinyenye me le Egipte!”


Àte ŋu ade kae ɖe agbleŋlɔnu ŋua? Alɔ̃ anɔ yowòme aŋlɔ balimea?


Eya ta ale Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Ŋusẽtɔ la gblɔe nye esi. “O! Makpɔ gbɔɖeme tso nye ketɔwo ƒe asi me, eye mabia hlɔ̃ nye futɔwo.


Ègbe nu le gbɔnye, ègale megbedede dzi eya ta malé wò, atsrɔ̃ wò. Nyemagate ŋu akpɔ nublanui na wò o.


“Yehowa be, ‘Ke azɔ la, madɔ ame ɖe ɖɔkplɔla geɖewo eye woaɖe wo. Le esia megbe la, madɔ ame ɖe adela geɖewo eye woayɔ wo ɖe nu tso towo, togbɛwo dzi kple agadowo me.


‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, matrɔ aʋawɔnu siwo le asiwò la ɖe ŋutiwò, aʋawɔnu siwo nètsɔ le aʋa wɔm kple Babilonia fia kple Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe dua le aʋa wɔm kpli wò. Makplɔ wo aƒo ƒu ɖe du sia titina.


mele ƒu ƒo ge wò ahiãviwo katã, ame siwo mia kpli wo mieɖu vivi kple esiwo nèlé fui siaa, maƒo ƒu wo ɖe ŋuwò tso teƒe siwo katã ƒo xlã wò. Maɖe amama wò le woƒe ŋkume, eye woakpɔ wò amama blibo la.


Ekema nye dziku ɖe ŋuwò nu abɔbɔ, eye nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe aɖe ɖa le ŋuwò. Manɔ anyi bɔkɔɔ: nyemagado dɔmedzoe o.’


“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kplɔ ameha aɖe vɛ ɖe wo ŋu, eye nàtsɔ wo ade asi na ŋɔdzinuhaha.’


“Eya ta metsɔe na eƒe ahiãviwo, Asiriatɔwo, ame siwo yome wòtina vevie.


“Ekema nye dziku nu atso, eye nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu nu abɔbɔ, nye dzi afa, eye woanya be nye, Yehowae ƒo nu kple ŋuʋaʋã nenye be metrɔ nye dziku katã kɔ ɖe wo dzi.


“O Israel, èwɔ nu vɔ̃ tso Gibea ŋɔli ke, eye nègale ewɔwɔ dzi. Ɖe Gibea ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ mena woɖu wo dzi le aʋa me oa?


eya ta ya sesẽ aɖe ava ƒo wo adzoe, eye woƒe vɔsawo ahe ŋukpe vɛ na wo.


eya ta ale wòle: Nunɔlawo kple ameawo katã sɔ, elabena nunɔlaawo vɔ̃ɖi, eye ameawo hã vɔ̃ɖi. Esia ta, mahe to na nunɔlaawo kple ameawo siaa le woƒe nu vɔ̃ɖiwo ta.


“Mitsɔ kpẽ la ɖo nu! Egbɔna abe hɔ̃ ene ɖe Yehowa ƒe aƒe la ŋu, elabena wotu nye nubabla la hetsitre ɖe nye seawo ŋu.


Togbɔ be wodzra wo ɖokuiwo na dukɔwo hã la, magaƒo wo nu ƒu azɔ. Woakpe fu le fiagã la kple dumegãwo ƒe teteɖeanyi ta.


“Fia la do dɔmedzoe, ale wòdɔ eƒe asrafowo woyi ɖawu hlɔ̃dola siawo, eye wotɔ dzo woƒe du la wòbi keŋ.


Abe ale si Yehowa kpɔ dzidzɔ le ŋuwò, wɔ nu wɔnuku mawo na wò, eye wòna nèdzi sɔ gbɔ ene la, nenema kee, le ɣeyiɣi si gbɔna me la, Yehowa akpɔ dzidzɔ le ale si wòatsrɔ̃ wò ŋu, eye nàbu le anyigba la dzi,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa