Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 1:9 - Agbenya La

9 Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Loami, si gɔmee nye, ‘Menye tɔnyee o,’ elabena Israel menye tɔnye o, eye nye hã nyemenye eƒe Mawu o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye wògblɔ bena: Tsɔ ŋkɔ nɛ be „Manyenyedukɔe“, elabena menye nye dukɔ mienye o, eye nye hã nyemanye mia lɔ o.

Onani mutuwo Koperani




Hosea 1:9
5 Mawu Ofanana  

Tete Yehowa gblɔ nam be, “Ne Mose kple Samuel tsi tsitre ɖe ŋkunye me gɔ̃ hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋuti o. Eya ta, nya wo ɖa le ŋkunye me. Na woadzo!


Esi ŋu ke eye Parsur ɖee le game la, Yeremia gblɔ nɛ be, “Yehowa ƒe ŋkɔ si wòtsɔ na wòe nye, ame si ŋɔdzi ƒo xlãe, ke menye Pasur o;


“Ɣeyiɣi li gbɔna esi Israel akpɔ dzidzedze, azu dukɔ gã aɖe; le ɣe ma ɣi me la, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o, elabena woasɔ gbɔ abe ƒutake ene! Ale be, le esi megblɔ na wo be, ‘Mienye nye dukɔ o’ teƒe la, magblɔ na wo be, ‘Mienye vinyewo, Mawu Gbagbe la ƒe viwo.’


Esi Gomer tso no na Loruhama vɔ la, egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi.


Maɖo nye dukɔ Israel te na ɖokuinye le anyigba dzi, eye maɖe nye lɔlɔ̃ afia ame si meyɔ be ‘Menye nye lɔlɔ̃tɔe o.’ Magblɔ na ame siwo woyɔna be, ‘Mienye nye dukɔ o’ la be ‘Mienye nye dukɔ’; eye woawo hã agblɔ be, ‘Wòe nye mía Mawu.’ ”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa