Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hosea 1:2 - Agbenya La

2 Gbedeasi gbãtɔe nye esi: Yehowa gblɔ na Hosea be, “Yi nàɖe ɖetugbi aɖe si nye gbolo, ale be vi siwo wòadzi na wò la, woanye ahasiviwo. Esia aɖe alakpanu siwo wɔm nye dukɔ la le ɖe ŋutinye la afia, wowɔ ahasi to mawu bubuwo subɔsubɔ me, eye wotrɔ le Yehowa yome.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Esi Yehowa dze nuƒoƒo gome kple Hosea la, Yehowa gblɔ na Hosea bena: Yi naɖe gbolo, ne wòadzi ahasiviwo na wò; elabena anyigba la wɔ gbolo, eye wòtrɔ le Yehowa yome!

Onani mutuwo Koperani




Hosea 1:2
24 Mawu Ofanana  

ke èvɔ̃ɖi abe fia siwo le Israel ene eye nèna Yerusalemtɔwo kple Yudatɔwo subɔ legbawo abe ale si wowɔ le Fia Ahab ŋɔli ene eye esi nèwu nɔviwòwo, ame siwo nyo wu wò ta la,


Woƒo ɖi wo ɖokuiwo to nu si wowɔ la me, eye to woƒe nuwɔnawo me, wotsɔ wo ɖokuiwo wɔ gbolowoe,


Ame siwo le adzɔge tso gbɔwò la atsrɔ̃, elabena ètsrɔ̃ ame siwo katã meto nyateƒe na wo o.


“Nye dukɔ wɔ nu vɔ̃ eve. Wogbe nu le nye agbetsivudo la gbɔ eye woɖe woawo ŋutɔ ƒe tsiʋewo, tsiʋe siwo ŋɔ eye tsi mate ŋu atɔ ɖe wo me o.


“Tso gbe aɖe gbe ke nèŋe wò kɔkuti, eye nètso wò bablawo, ègblɔ bena, ‘Nyemasubɔ wò o!’ Vavã, èmlɔ anyi abe gbolo ene ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te.


“Nu ka ta nàgblɔ be, ‘Nyemeɖu kɔ o, nyemeƒu du dze Baalwo yome o?’ Kpɔ ale si nèwɔ le balime la ɖa. Bu nu si nèwɔ la ŋu kpɔ. Èle abe kposɔnɔ si ɖia du eye wòle du sim tso afi yi afi mɛ la ene.


Esi Israel ƒe ŋunyɔnuwɔwɔ nye nu tsɛ aɖe ko le eya gbɔ ta la, edo gu anyigba la eye wòwɔ ahasi kple ati kple kpe.


Ekema le dukɔ siwo me woɖe aboyo wo yi la, ame siwo asi la, aɖo ŋku dzinye. Woaɖo ŋku ale si woƒe ahasiwɔdzi siwo trɔ le yonyeme kple ale si woƒe ŋkuwo nɔ woƒe legbawo ŋu la na mese vevee la dzi, woase veve ɖe nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ kple woƒe wɔna nyɔŋuwo katã ta.


eye ne eti eƒe lɔlɔ̃tɔwo yome la matu wo o. Adi wo kple ŋkubiã gake makpɔ wo o. Ekema agblɔ na eɖokui be, ‘Anyo ne metrɔ yi ɖe srɔ̃nye gbɔ, elabena esi menɔ egbɔ la, nuwo dze edzi nam wu fifia.’


Yehowa gblɔ nam be, “Yi nàkplɔ srɔ̃wò agbɔe, eye nàlɔ̃e, togbɔ be ame bubu le elɔ̃m, eye wòwɔ ahasi hã, elabena Yehowa galɔ̃ Israel kokoko, togbɔ be edzo yi ɖe mawu bubuwo gbɔ, eye wòlɔ̃ waintsetsebolo hã.”


Menya Efraim nyuie, eye Israel hã meɣla ɖem o. O Efraim, ètrɔ zu gbolo, eye Israel gblẽ kɔ ɖo na eɖokui.


Yesu Kristo, si nye Mawu ƒe Vi la, ƒe nyanyui la ƒe gɔmedzedzee nye esi.


eye wògblɔ na Mose be, “Ele na wò be nàku, eye nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ. Le wò ku megbe la, ame siawo ade asi mawu siwo le ŋugbedodonyigba la dzi la subɔsubɔ me. Woaŋlɔm be ale woagblẽ nubabla si mewɔ kple wo la me.


Ahasiwɔwɔ xɔ ŋku dzi na wo, eye womedzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ gbeɖe o, wodɔna kple ame malikewo. Wobi ɖe ŋukeklẽ me, eye wonye dzidzime si dzi fiƒode le!


Woŋlɔ ŋkɔ si nye nya ɣaɣla la ɖe eƒe ŋgonu be: Babilonia gã la, gbolowo kple anyigbadziŋunyɔnuwo dada.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa