Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 9:9 - Agbenya La

9 Esiae nye nufiafia tso fifia ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti, esi le asi tɔm edzi be nunana kple vɔsa siwo wowɔna na Mawu la mate ŋu aɖe vɔ̃ ɖa le ame si le subɔsubɔ wɔm la ƒe susu me o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 esi nye lododo na ɣeyiɣi, si gali fifi, esi me wotsoa nunana kple vɔsasa, siwo mate ŋu awɔ amesiwo le Mawu subɔm la blibo le dzitsinya nu o la, nana lena;

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 9:9
16 Mawu Ofanana  

Gake ku ɖu fia tso Adam ƒe ɣeyiɣiwo dzi va se ɖe Mose ƒe ɣeyiɣiwo dzi, ɖe ame siwo mewɔ nu vɔ̃ si sɔ kple Adam ƒe sedzimawɔmawɔ o la dzi, ame si nye ame si gbɔna la ƒe kpɔɖeŋu.


Ekema ɖe se la tsi tsitre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋutia? Gbeɖe! Elabena ne se si wona la ana agbe la, ekema dzɔdzɔenyenye ava to se la me.


Nunɔla la wɔa eƒe vɔsasadɔwo gbe sia gbe, eye nenema ke wòwɔ vɔsa mawo ke edziedzi, vɔsa siwo mate ŋu aɖe nu vɔ̃ ɖa akpɔ gbeɖe o.


Abraham dze sii be Mawu ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre, eye woate ŋu agblɔe ko be exɔ Isak tso ku me.


Wotiaa nunɔlagã ɖe sia ɖe tso amegbetɔwo dome, eye wodea dɔ asi nɛ be wòanɔ ŋgɔ na yewo le mawusubɔsubɔ ƒe nyawo me, eye wòatsɔ nunanawo kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo aɖo Mawu ŋkume.


Elabena to Levi ƒe viwo ƒe nunɔladɔwɔwɔ dzi, wona se la Israelviwo. Azɔ la, nenye be Leviviwo ƒe nunɔladɔwɔwɔ ɖe wòde blibo la, magahiã be woatsɔ nunɔla bubu vɛ o, ame si nye nunɔla le Melkizedek ƒe ɖoɖo nu, ke menye le Aron ƒe ɖoɖo nu o.


Nenye ɖe wòle anyigba dzi la, maɖu nunɔla o elabena nunɔlawo li xoxo, ame siwo tsɔa nunanawo nana le Yudatɔwo ƒe se la nu.


Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe si wowɔ kple asi la me esi nye vavãtɔ ƒe vɔvɔli la me o, ke boŋ eyi ɖe dziƒotɔ la ŋutɔ me afi si wòdo ɖe Mawu ŋkume le azɔ ɖe mía teƒe


Ke tsiɖɔɖɔ la nye mawutsideta si miexɔ hena ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzesi, ke menye ɖikɔklɔ le ŋutigbalẽ ŋu wònye o, ke boŋ adzɔgbeɖeɖe be woatsɔ dzitsinya nyui atrɔ ɖe Mawu ŋu. Mawu sia ɖe mi to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa