Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 9:1 - Agbenya La

1 Azɔ la, nubabla gbãtɔ ɖo ɖoɖowo anyi na subɔsubɔ, eye wotu anyigba dzi kɔkɔeƒe hã.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Azɔ la mawusubɔsubɔ ƒe nuɖoanyiwo kple anyigba dzi kɔkɔeƒe li na nubabla gbãtɔ hã.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 9:1
14 Mawu Ofanana  

elabena medi be Israelviwo natu nɔƒe kɔkɔe aɖe nam, afi si manɔ le wo dome.


eye ne ŋu kpe wo le nu siwo wowɔ ta la, na woanya gbedoxɔ la ƒe nɔnɔme, afi siwo woato age ɖe eme kple afi siwo woato ado go, eƒe nɔnɔme blibo la kple ɖoɖowo katã kple seawo katã. Ŋlɔ nu siawo da ɖi le woƒe ŋkume, ale be woalé woƒe ɖoɖowo kple sewo me ɖe asi.


Milé nye ɖoɖowo me ɖe asi, migadze kɔnu nyɔŋu siwo wowɔna hafi mieva la yome o, eye migatsɔ wo do gu mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”


“ ‘Gblɔ na nunɔlawo be woawɔ se siawo dzi nyuie, ne menye nenema o la, woaɖi fɔ, eye woaku le se siawo dzi dada ta. Nyee nye Yehowa, ame si kɔ wo ŋuti.


Mele be woagblẽ nuɖuɖu la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye womagbã alẽvi la ƒe ƒu aɖeke o. Woazɔ ɖe Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu ƒe sewo nu pɛpɛpɛ.


Wo kple evea wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume, eye wolé Aƒetɔ la ƒe sededewo kple ɖoɖowo me ɖe asi kpɔtsɔtsɔmanɔŋutɔe.


Woawo tɔe nye vinyenye la; woawo tɔe nye Mawu me ŋutikɔkɔe la, nubablawo, se la xɔxɔ, gbedoxɔmesubɔsubɔ la kple ŋugbedodoawo.


Migana ame aɖeke nakplɔ mi ayi aboyo me to xexemenunya kple beble dzodzro me o. Wotu wo ɖe amegbetɔ ƒe nunya kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo dzi, ke menye ɖe nu siwo Kristo gblɔ dzi o.


Ke esi Mawu yɔ nubabla sia be “yeye” la, ewɔ gbãtɔ wòdo xoxo, eye nu si tsi, do xoxo la nu ava yi kpuie.


eyae subɔna le gbedoxɔ kple agbadɔ vavãtɔ si le dziƒo la me. Gbedoxɔ sia menye esi amegbetɔ tsɔ eƒe asi tui o, ke boŋ Aƒetɔ la ŋutɔe tui.


Elabena nenye ɖe naneke megblẽ le nubabla gbãtɔ ŋu o la, anye ne wometsɔ nubabla bubu ɖɔlii o.


Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe si wowɔ kple asi la me esi nye vavãtɔ ƒe vɔvɔli la me o, ke boŋ eyi ɖe dziƒotɔ la ŋutɔ me afi si wòdo ɖe Mawu ŋkume le azɔ ɖe mía teƒe


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa