Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 8:6 - Agbenya La

6 Ke nunɔladɔ si wode asi na Yesu la kɔ sãa wu wo tɔ, eye abe ale si nubabla si ƒe avuléla wònye la kɔ wu xoxotɔ sãa ene la, nenema kee woɖoe anyi ɖe ŋugbedodo siwo nyo wu tsãtɔwo la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke azɔ la subɔsubɔ, si nyo wu sã la, su esi, abe alesi wònye nubabla, si nyo wu, eye woɖoe anyi ɖe ŋugbedodo, siwo nyo wu la, dzi la ƒe avuléla ene.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 8:6
13 Mawu Ofanana  

Woabia Zion ƒe mɔ ta ase eye woatrɔ woƒe mo ɖo ɖe egbɔ. Woava eye woabla nubabla mavɔ kple Yehowa, nubabla si womaŋlɔ be akpɔ o.


Eye nenema ke wòtsɔ kplu la le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ be, “Kplu sia nye nubabla yeye le nye ʋu si wokɔ ɖe anyi le mia ta la me.


Woawo tɔe nye vinyenye la; woawo tɔe nye Mawu me ŋutikɔkɔe la, nubablawo, se la xɔxɔ, gbedoxɔmesubɔsubɔ la kple ŋugbedodoawo.


miɖo ŋku edzi be ɣe ma ɣi la, miete ɖa tso Kristo gbɔ, mienye Israeltɔwo o, eye mienye amedzrowo na nubabla si wowɔ tso ŋugbedodo la me, mɔkpɔkpɔ kple Mawu menɔ mia si le xexea me o.


Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene la koe va dzra Mawu kple amegbetɔwo dome ɖo.


xɔse kple sidzedze si ku ɖe mɔkpɔkpɔ na agbe mavɔ la ŋu, nu si ŋugbe Mawu, ame si medaa alakpa o la do, hafi ɣeyiɣi mavɔwo dze egɔme,


mieva Yesu, nubabla yeye la ƒe avuléla la gbɔ kple ʋuhehlẽ ɖi si ƒo nu nyuie wu Abel ƒe ʋu la gbɔ.


Le atamkaka sia ta la, Yesu va zu nubabla si nyo wu sãa la ƒe kpeɖodzinu.


To esiawo me wòtsɔ eƒe nunana gã kple ŋugbedodo xɔasi na mí, ale be to wo dzi míakpɔ gome le eƒe mawunyenye me, eye míasi le gbegblẽ si ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo he va xexea me la nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa