Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 8:2 - Agbenya La

2 eyae subɔna le gbedoxɔ kple agbadɔ vavãtɔ si le dziƒo la me. Gbedoxɔ sia menye esi amegbetɔ tsɔ eƒe asi tui o, ke boŋ Aƒetɔ la ŋutɔe tui.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 amesi nye kɔkɔeƒe kple agbadɔ vavã, si Mawu ŋutɔ tu, eye menye amee tui o la, ƒe subɔla.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 8:2
15 Mawu Ofanana  

“Nye nɔƒe sia anye agbadɔ. Mafia ale si nàtui kple nu siwo nàtsɔ aɖo atsyɔ̃ nɛ la wò.


“Na woakplɔ nɔviwò ŋutsu Aron vɛ na wò tso Israelviwo dome kpe ɖe via ŋutsuwo Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar ŋu ale be woawɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene.


Na Aron nado dziwui ʋlaya la ɣe sia ɣi si wòayi be yeawɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa, eye sikanyawowoeawo nanɔ ɖiɖim kliŋkliŋkliŋ le Yehowa ŋkume le Kɔkɔeƒe la kple ne edzo le eŋkume ale be maku o.


Mose tua agbadɔ la ɣe sia ɣi ɖe adzɔge ʋĩi tso asaɖa la gbɔ. Ena ŋkɔe be, “Agbadɔ Hena Gododo Mawu.” Ame sia ame si di be yeaƒo nu kple Yehowa la yia afi ma.


Yesu gblɔ na wo be, “Esi menɔ anyi kpli mi le ŋkeke siwo va yi me ɖe, nyemegblɔe na mi be nu siwo woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple Nyagblɔɖilawo kple Psalmowo me tso ŋunye la ava eme oa?”


Miɖo ŋku edzi be Yesu Kristo va be yeafia mí be Mawu wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi, eye be yeakpe ɖe Yudatɔwo ŋu.


Esia ta míenya be ne wokaka míaƒe xɔ siwo nye míaƒe ŋutilãwo la, Mawu ana ŋutilã yeye makumaku mí le dziƒo. Eye xɔ yeye siwo Mawu ana mí la menye amegbetɔwo ƒe asinudɔ o, ke Mawu ŋutɔe tu wo.


Eya amea me hã wotso aʋa na mi, le esime mieɖe miaƒe dzɔdzɔmenu vɔ̃ si nye ŋutilã la ɖa, menye kple aʋatsotso si wotsɔ asi tsoe o, ke esi wowɔ to Kristo me la boŋ.


Nunɔla la wɔa eƒe vɔsasadɔwo gbe sia gbe, eye nenema ke wòwɔ vɔsa mawo ke edziedzi, vɔsa siwo mate ŋu aɖe nu vɔ̃ ɖa akpɔ gbeɖe o.


Eye esi nunɔlagã le mía si le Mawu ƒe aƒe nu ta la,


Elabena Abraham nɔ mɔ kpɔm na du si Mawu ŋutɔ nye egɔmeɖola, aɖaŋuwɔla kple etula.


Azɔ la, nubabla gbãtɔ ɖo ɖoɖowo anyi na subɔsubɔ, eye wotu anyigba dzi kɔkɔeƒe hã.


Tete mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe nɔƒe le amegbetɔwo dome azɔ, eye wòanɔ wo gbɔ. Woanye eƒe dukɔ, Mawu ŋutɔ anɔ wo gbɔ, eye wòanye woƒe Mawu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa