Hebritɔwo 6:2 - Agbenya La2 nufiafia tso mawutsideta ŋu, asidada ɖe ame dzi, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔ ŋuti o. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19132 kple mawutsidedetaname ŋuti nufiafiawo kple asidada ɖe ame dzi kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔ ƒe gɔme anyi o. Onani mutuwo |
Paulo dzro nya me kple xexemenunyala gã aɖewo siwo woyɔna be Epikurea kple Stoiktɔwo hã. Wo dometɔ aɖewo bia be, “Nu kae nukpoloeƒola sia le didim be yeagblɔ?” Ɖewo gblɔ be, “Ewɔ abe dutamawuwo ŋue wòle nu ƒom le ene.” Wogblɔ esia, elabena Paulo nɔ nyanyui la gblɔm ku ɖe Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ŋuti.
Azɔ, esi Paulo kpɔe dze sii be takpekpea me valawo ƒe akpa aɖewo nye Zadukitɔwo, eye ɖewo hã nye Farisitɔwo ŋuti la, edo ɣli gblɔ be, “Nɔvinyewo, Farisitɔ menye abe tɔgbuinyewo ke ene, eye nu si ta wohem va ʋɔnue egbe lae nye be nye hã meka ɖe edzi abe miawo ke ene be ame siwo ku la agafɔ tso ku me.”