Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 5:4 - Agbenya La

4 Ame aɖeke metsɔa bubu sia dea eɖokui ŋuti o; ele be Mawu nayɔe abe ale si wòyɔ Aron ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye amea ɖeke metsɔ bubu sia na eɖokui o, ke boŋ Mawu yɔnɛ abe Aron ene.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 5:4
16 Mawu Ofanana  

Amram ƒe viwoe nye Aron kple Mose. Wotia Aron kple viawo da ɖi hena nuwo ŋu kɔkɔ kple vɔsasa le Yehowa ŋkume. Aron subɔna le Yehowa ŋkume eye wòyraa ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me ɣeawo katã ɣi.


Wotɔ gbee gblɔ be, “Medze be wò, Uzia, nàdo dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa o. Nunɔlawo ƒe dɔe, Aron ƒe dzidzimeviwo, ame siwo ŋu wokɔ be woado dzudzɔ ʋeʋĩ. Do go le Kɔkɔeƒe la elabena mèwɔ nuteƒe o eye Yehowa Mawu made bubu ŋuwò o.”


Abisua ƒe vi, Finehas ƒe vi, Eleaza ƒe vi kple nunɔlagã Aron ƒe vi.


“Na woakplɔ nɔviwò ŋutsu Aron vɛ na wò tso Israelviwo dome kpe ɖe via ŋutsuwo Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar ŋu ale be woawɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene.


“Kplɔ Aron kple via ŋutsuwo vɛ, nàtsɔ woƒe awuwo, ami sisi la, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanyitsu la, agbo eveawo kple kusi si me abolo maʋamaʋã le,


Ɖe ale si wòtsɔ dɔ sia de asi na mi Levi ƒe viwo ɖeɖe ko la mesɔ gbɔ na mi oa? Ke azɔ la, ɖe miele didim be yewoazu nunɔlawo hã mahã?


Dzo ge tso Yehowa gbɔ va fia ame alafa eve blaatɔ̃ (250) siwo nɔ dzudzɔ dom.


be wòanye ŋkuɖodzinu na Israelviwo be ame sia ame si menye Aron ƒe dzidzimevi o la mekpɔ mɔ ava Yehowa ŋkume, eye wòado dzudzɔ o; ne menye nenema o la, nu si wɔ Korah kple eyomedzelawo la awɔ eya hã. Ale wowɔ ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na Mose la dzi.


Egblɔ na Korah kple ame siwo le eŋu la be, “Le ŋdi la, Yehowa afia ame siwo nye etɔwo, ame si le kɔkɔe kple ame si wòtia abe nunɔla ene la mi.


eye etsɔ la, miade dzo kple lifi wo me le Yehowa ŋkume. Ame si Yehowa atia lae anye ame si le kɔkɔe. Mi Levi ƒe viwo, mia tɔ gbɔ eme.”


Ke wò kple viwò ŋutsuwo, nunɔlawo, miawoe awɔ dɔ kɔkɔeawo katã kple dɔ siwo le vɔsamlekpui la ŋu kple esiwo le xɔmetsovɔ la me, elabena nunɔlanyenye nye miaƒe dɔdeasi tɔxɛ. Ame bubu ɖe sia ɖe si ake atse awɔ dɔ siawo la aku.”


Wosi ami na wo katã, eye woɖo wo nunɔlawoe. Woɖe wo ɖe aga be woawɔ subɔsubɔdɔwo le Agbadɔ la me.


Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Nu si Mawu na ame tso dziƒo la ko wòate ŋu axɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa