Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 5:2 - Agbenya La

2 Nunɔlagã sia tea ŋu gbɔa dzi ɖi na numanyala siwo le mɔ tram la esi eya ŋutɔ hã nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ le mɔ geɖewo nu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 amesi ate ŋu ave ame manyanuwo kple mɔtrelawo nu, esi gbɔdzɔgbɔdzɔ le eya ŋutɔ hã ŋuti la ta,

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 5:2
24 Mawu Ofanana  

eye woɖe asi le nye seawo katã ŋu enumake. Wowɔ sikanyivilegba aɖe na wo ɖokuiwo. Wole esubɔm, le vɔ sam nɛ, eye wole gbɔgblɔm be, ‘O Israel, esiae nye wò mawu si kplɔ wò tso Egipte.’ ”


Ame siwo dze aglã le gbɔgbɔ me la, gɔmesese asu wo si, eye tosẽlawo axɔ nufiafia.”


Mite ɖa le mɔ sia dzi. Midzo le teƒe sia, eye midzudzɔ ŋɔdzidodo na mí kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la!”


Gake medo gbe ɖa ɖe tawò be wò xɔse magabu keŋ o. Ale nenye be èdze si wò vodada, eye nègatrɔ va gbɔnye la, do ŋusẽ nɔviwò mamlɛawo hã, eye nàtu woƒe xɔse ɖe edzi.”


Azɔ ne medi be maƒo adegbe la, ɖeko maƒoe le nu siwo nana be ŋusẽ mele ŋunye o la ŋu.


Nu si teƒe wòkpɔ la nye nu xɔasi aɖe si ŋu mate ŋu aƒo adegbe le, gake nyemedi be mawɔ nenema o. Ke boŋ maƒo adegbe le ale si megbɔdzɔe, gake Mawu wɔ dɔ le ŋutinye hena eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe la ŋuti.


Abe ale si mienyae ene la, menɔ dɔ lém esi metsɔ nyanyui la vɛ na mi zi gbãtɔ.


Ame siawo la, woƒe susuwo me do viviti, eye woma ɖa tso Mawu gbɔ, elabena wole agbe le numanyamanya me le woƒe dzimesesẽ ta.


togbɔ be meɖu fewu le Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti kpɔ gɔ̃ hã. Meti eƒe amewo ƒe agbe yome, eye mewɔ nu vevi wo le mɔ ɖe sia ɖe si dzi mate ŋui la nu. Ke Mawu kpɔ nublanui nam, elabena nyemenya nu si wɔm menɔ la o, eye dzixɔse menɔ asinye o.


Mita mɔ dzɔdzɔewo na miaƒe afɔwo, ale be atatututɔ matsi mɔ ta o, ke boŋ wòakpɔ dɔyɔyɔ.


Le susu sia ta wòle be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le go sia go me, ale be wòava zu nunɔlagã, nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔ me, eye be wòaxe fe ɖe amewo ƒe nu vɔ̃wo ta.


Esi wònye be eya ŋutɔ kpe fu to tetekpɔ me ta la, ete ŋu kpe ɖe ame siwo tem wole kpɔ la ŋu.


Elabena menye nunɔlagã si mate ŋu ase veve kpli mí le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me lae le mía si o, ke boŋ nunɔlagã si le mía si la, wotee kpɔ le mɔ sia mɔ nu abe míawo ke ene, ɖekoe nu vɔ̃ mele eya ŋu o.


Elabena Mose ƒe Se la tɔ asi ame siwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la dzi be woanye nunɔlagãwo, ke Mawu ƒe atamkaka si va ɖe se la yome la tɔ asi Via dzi, ame si wòwɔ wòde blibo tegbetegbe.


Ke nunɔlagã ɖeka koe gena ɖe xɔ emetɔ me, eye wòwɔa esia zi ɖeka ko le ƒe ɖeka me. Ne eyina la, megbea ʋutsɔtsɔ ɖe asi o, ʋu si wòtsɔna sãa vɔe, ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ la ƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ le manyamanya me la ta.


Nɔvinye lɔlɔ̃awo, ne mia dometɔ aɖe tra tso nyateƒe la gbɔ, eye ame aɖe kplɔe gbɔe la,


Elabena mienɔ abe alẽ siwo tra mɔ la ene, ke azɔ la, mietrɔ gbɔ va Alẽkplɔla la kple miaƒe luʋɔwo dzi kpɔla la gbɔ.


Ke hã la, womeɖo to woƒe Ʋɔnudrɔ̃lawo o, ke boŋ wodze mawu bubuwo yome hesubɔ wo. Womenɔ abe wo fofowo ene o, wotrɔ le mɔ si dzi wo fofowo zɔ le la dzi kaba, mɔ si nye toɖoɖo Yehowa ƒe sededewo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa