Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 5:1 - Agbenya La

1 Wotiaa nunɔlagã ɖe sia ɖe tso amegbetɔwo dome, eye wodea dɔ asi nɛ be wòanɔ ŋgɔ na yewo le mawusubɔsubɔ ƒe nyawo me, eye wòatsɔ nunanawo kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo aɖo Mawu ŋkume.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Elabena nunɔlagã sia nunɔlagã, si wotsɔ tso amewo dome la, woɖoe anyi le amewo ta le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòatsɔ nunanawo kple numemewo ana le nuvɔ̃wo ta,

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 5:1
17 Mawu Ofanana  

“Kplɔ Aron kple via ŋutsuwo vɛ, nàtsɔ woƒe awuwo, ami sisi la, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanyitsu la, agbo eveawo kple kusi si me abolo maʋamaʋã le,


Mose gblɔ na Aron be wòate ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòasa nu vɔ̃ vɔsa kple numevɔ, alé avu gbã ɖe eɖokui ta, eye emegbe la, ɖe ame bubuawo ta abe ale si Yehowa ɖo ene.


Eya ta meƒoa adegbe le nu siwo katã Kristo Yesu wɔ to dzinye le Mawu ta la ŋu.


Elabena metsɔ nu si mexɔ la de asi na mi, abe nu gbãtɔ si le vevie ene be Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be wòaku ene.


Nunɔla la wɔa eƒe vɔsasadɔwo gbe sia gbe, eye nenema ke wòwɔ vɔsa mawo ke edziedzi, vɔsa siwo mate ŋu aɖe nu vɔ̃ ɖa akpɔ gbeɖe o.


Ke esi nunɔla sia ya sa vɔ ɖe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la eyi ɖanɔ Mawu ƒe nuɖusime.


To xɔse me Abel tsɔ vɔsasa si nyo wu Kain tɔ la na Mawu. To xɔse me wokafui be enye ame dzɔdzɔe esi Mawu ƒo nu nyui tso eƒe vɔsa la ŋu. To xɔse me wògale nu ƒom ko, togbɔ be eku hã.


Le susu sia ta wòle be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le go sia go me, ale be wòava zu nunɔlagã, nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔ me, eye be wòaxe fe ɖe amewo ƒe nu vɔ̃wo ta.


Mele abe nunɔlagã bubuwo ene o, elabena mehiã be wòasa vɔ gbe sia gbe, gbã ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, eye evelia, ɖe ame bubuwo tɔ ta o. Esa vɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, esi wòtsɔ eɖokui hena.


Esi wònye nunɔlagã ɖe sia ɖe ƒe dɔ be wòasa vɔ, eye wòana nuwo la, ele na Kristo hã be wòana nane.


Nenye ɖe wòle anyigba dzi la, maɖu nunɔla o elabena nunɔlawo li xoxo, ame siwo tsɔa nunanawo nana le Yudatɔwo ƒe se la nu.


Esiae nye nufiafia tso fifia ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti, esi le asi tɔm edzi be nunana kple vɔsa siwo wowɔna na Mawu la mate ŋu aɖe vɔ̃ ɖa le ame si le subɔsubɔ wɔm la ƒe susu me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa