Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 3:9 - Agbenya La

9 Afi ma mia fofowo dom kpɔ, eye wotem kpɔ le, eye wokpɔ nu si mewɔ ƒe blaene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 esime mia fofowo tem kpɔ, eye woɖom kpɔ, eye wokpɔ nye dɔwɔwɔwo ƒe blane sɔŋ.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 3:9
17 Mawu Ofanana  

Afi mae mia fofowo, togbɔ be wokpɔ nu si mewɔ hã la, wodom kpɔ, eye wotem kpɔ le.


‘Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si mewɔ Egiptetɔwo kple ale si mekplɔ mi va ɖokuinye gbɔ abe ɖe metsɔ mi ɖe hɔ̃ ƒe aʋalãwo dzi ene.


Yehowa gblɔ nya siawo na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Miawo ŋutɔ miekpɔe be meɖe nye lɔlɔ̃nu fia mi tso dziƒo.


Mekplɔ wò do goe tso Egipte, eye mekplɔ wò le gbedzi ƒe blaene sɔŋ, be woava xɔ Amoritɔwo ƒe anyigba.


Miatsa tsaglalã le gbedzi abe alẽnyilawo ene ƒe blaene. Ale miaxe fe ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta va se ɖe esime mia dometɔ mamlɛtɔ naku ɖe gbedzi.


Eya ta eɖo eŋu na ame dɔdɔawo be, “Miheyi ɖagblɔ nu si miekpɔ kple nu si miese la fia Yohanes be ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye kpodɔlélawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm na ame dahewo.


Esi wonɔ nya la gblɔm nɛ la, afakala Elima (elabena nenemae nye eƒe ŋkɔ le Grikigbe me) tsi tsitre ɖe wo ŋu, eye wòte kpɔ be yeagblẽ to na mɔmefia la be megaxɔ Mawu dzi se o.


Ale to nukunu geɖewo wɔwɔ me la, Mose kplɔ Israelviwo tso Egipte. Woto Ƒu Dzĩ la me, eye wozɔ mɔ to gbedzi ƒe blaene sɔŋ.


“Ke miawo la, miekpɔ Yehowa ƒe nukunu gã siawo teƒe,


Mose yɔ Israelviwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be: Miawo ŋutɔ miekpɔ nu siwo katã Yehowa wɔ Farao, eŋumewo kple anyigba blibo la le Egipte.


Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si Yehowa wɔ le Baal Peor kple miaƒe ŋkuwo. Yehowa, miaƒe Mawu la tsrɔ̃ ame siwo katã dze Baal Poer yome la le mia dome.


Ke ɖeko miakpɔ nyuie, akpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, ale be miagaŋlɔ nu siwo miaƒe ŋkuwo kpɔ alo ana woado le miaƒe dzi me zi ale si miele agbe o. Mifia wo mia viwo kple wo vi siwo ava ɖe wo yome.


Mieɖo ŋku ale si Yehowa miaƒe Mawu kplɔ mi to gbedzi le ƒe blaene siawo sɔŋ me, bɔbɔ mi ɖe anyi, eye wòdo mi kpɔ be yeanya nu si miawɔ kple nenye be mialé yeƒe sewo me ɖe asi loo alo mialé wo me ɖe asi o la dzi.


To ƒe blaene siawo katã me la, miaƒe awuwo mevuvu o, eye miaƒe afɔwo meɖo loholoho alo te o.


Miekpɔ nu siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ na mi le nye agbenɔɣi. Ewɔ aʋa kple miaƒe futɔwo na mi, eye wòtsɔ woƒe anyigba na mi.


ale Israelviwo do ɣli yɔm, eye mena viviti do ɖe woawo kple Egiptetɔwo dome. Mena atsiaƒu la ŋe dze Egiptetɔwo dzi, eye wonyrɔ ɖe tsi la me, miawo ŋutɔ miekpɔ nu si mewɔ. Le esia megbe la, Israelviwo nɔ gbegbe la ƒe geɖe.


Israel dukɔ la tsa tsaglalã le gbedzi ƒe blaene sɔŋ va se ɖe esime ŋutsu siwo katã tsi, eye woate ŋu ade aʋa esi wodzo le Egipte la ku. Womeɖo to Yehowa o, eya ta Yehowa ka atam be yemana woade anyigba si ŋugbe yedo na Israel, “Anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa