Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 3:3 - Agbenya La

3 Abe ale si ame si tso aƒe nyui aɖe xɔa kafukafu wu aƒe si wòtso ene la, nenema kee Yesu hã dze na bubu wu Mose.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena zi geɖe alesi amesi dzra aƒe ɖo la kpɔa bubu gã wu aƒea la, zi geɖe ma ke wobu eyama be, edze ŋutikɔkɔe gã xɔxɔ wu Mose.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 3:3
11 Mawu Ofanana  

“Zerubabel ƒe asie ɖo gbedoxɔ sia ƒe gɔmeɖokpe anyi, eya ta eƒe asie awu enu. Ekema mianya be Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ.


Nye hã mele egblɔm na wò be, wòe nye Petro si gɔmee nye kpe, eye nenem kpe gbadza sia dzi maɖo nye hame la anyi ɖo, eye tsiẽƒe ƒe ŋusẽwo gɔ̃ hã mate ŋu aɖu edzi o.


Mawu ƒe hadɔwɔlawo ko míenye, ke miawoe nye Mawu ƒe agble kple eƒe xɔ si wòtu, menye nye kple Apolo tɔwoe mienye o.


Enye nyateƒe be Mose xɔ se siwo woŋlɔ ɖe kpe dzi, siwo dzi mawɔmawɔ hea ku vɛ la, le ŋutikɔkɔe gã aɖe me. Eye esi wòtrɔ gbɔ va kple seawo la, keklẽ gã aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be Israelviwo mete ŋu kpɔ eƒe ŋkume gɔ̃ o, gake ŋutikɔkɔe ma nu va yi xoxo.


Eye eyae nye ta na hame, si nye eƒe ŋutilã, eyae nye gɔmedzedzea kple ame siwo fɔ tso yɔ me ƒe ŋgɔgbetɔ, ale be le nu sia nu me la, wòanye gbãtɔ.


Míekpɔ Yesu, ame si wowɔ wòɖiɖi vie wu mawudɔlawo, ke fifia la, woɖɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku nɛ, elabena ekpe fu yi ɖe ku me ale be to Mawu ƒe amenuveve me wòaxɔ ku ɖe ame sia ame nu.


Elabena aƒe ɖe sia ɖe la, ame aɖee tsoe, gake Mawue nye nu sia nu wɔla.


Ke Kristo nye viŋutsu nuteƒewɔla ɖe Mawu ƒe aƒe dzi, eye miawoe nye Mawu ƒe aƒe la, ne mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ si me míeƒoa adegbe le la me ɖe asi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa