Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 3:16 - Agbenya La

16 Ame kawoe nye ame siwo se nya la, eye wodze aglã? Ɖe menye woawoe nye ame siwo katã Mose kplɔ do goe tso Egipte lae oa?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Elabena amekawoe see, eye wòve dome na wo mahã? Alo menye wo katãe, amesiwo Mose kplɔ do go tso Egipte la o mahã?

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 3:16
18 Mawu Ofanana  

Ke woyi edzi gawɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu, eye wodze aglã ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu le gbedzi.


Zi nenie womedze aglã ɖe eŋu le gbedzi, eye womedo vevesese nɛ le kuɖiɖinyigba dzi o!


Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe du sia la age ɖe eme atɔ dzoe. Woana wòabi azu afi, hekpe ɖe aƒe siwo tame wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal le eye woƒoa aha ɖi na mawu tutɔwo le, ne woatsɔ ado dziku nam la ŋuti.


ɖe nu vɔ̃ɖi si wowɔ la ta. Wodo dziku nam vevie elabena wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na gbetsiwo eye wode ta agu na mawu tutɔ siwo woawo ŋutɔwo loo, alo miawo alo wo fofowo menya kpɔ o.


Nu ka wɔ mietsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔwo do dziku nam, eye miedo dzudzɔʋeʋĩ na Egipte mawu tutɔwo, afi si mieva be mianɔ? Miele mia ɖokuiwo dome gblẽ ge, ahawɔe be miazu ɖiŋudonu kple ŋunyɔnu le anyigbadzidukɔwo katã dome.


Yehowa gblɔ na Mose be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie ame siawo ado vlom? Va se ɖe ɣe ka ɣie woagbe be yewomaxɔ dzinye ase o le dzesi wɔnuku siwo mewɔ la katã megbe?


Israelviwo katã lĩ liʋĩliʋĩ ɖe Mose kple Aron ŋu, eye ame haho la katã gblɔ na wo be, “Ɖe míeku ɖe Egipte la, anye ne enyo wu alo ɖe gbedzi afi sia la, ne enyo ŋutɔ!


Ke nye dɔla, Kaleb ya nye ame bubu aɖe kura, eɖo tom ale si dze. Makplɔe ayi anyigba si dzi wòde abe ŋkutsala ene la, eye eƒe dzidzimeviwo akpɔ woƒe gome dedie le eme.


made Ŋugbedodonyigba la dzi o. Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu, koe aɖo anyigba la dzi.


Yosua kple Yefune ƒe vi Kaleb koe susɔ le ŋkutsalawo dome.


Wogblɔ na wo nɔewo be, “Mina míatia kplɔla si akplɔ mí míatrɔ ayi Egipte!”


Elabena Yehowa gblɔ na Israelvi mawo be, woaku godoo le gbegbe la; wo dometɔ aɖeke mesusɔ o, negbe Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu.


Wò kpeɖeŋutɔ, Yosua, Nun ƒe viŋutsu akplɔ Israelviwo ɖe tewòƒe woade afi ma. De dzi ƒo nɛ esi wòle dzadzram ɖo hena ameawo kpɔkplɔ.


Togbɔ be mienya esiawo katã xoxo hã la, medi be maɖo ŋku edzi na mi be Aƒetɔ la ɖe eƒe dukɔ tso Egiptenyigba dzi, gake emegbe la, etsrɔ̃ ame siwo mexɔ edzi se o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa