Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 2:2 - Agbenya La

2 Ne gbedeasi si mawudɔlawo gblɔ la nye nyateƒe, eye edzidalawo kple ame siwo meɖo toe o la xɔ tohehe si wodze na la,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Elabena ne nya, si wogblɔ ɖi to mawudɔlawo dzi la, li dzi sesĩe, eye vodada sia vodada kple tosesẽ sia tosesẽ kpɔ eŋuti fetu vɔ̃, si dze la,

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 2:2
29 Mawu Ofanana  

Mawu ƒe tasiaɖamwo nye akpe nanewo kple akpe teƒe akpewo; Aƒetɔ la tso Sinai va ɖo eƒe teƒe kɔkɔe la.


Esi ame sia ame de asi lã la ɖuɖu me la, Yehowa do dɔmedzoe ɖe ameawo ŋu, eye wòtsɔ dɔvɔ̃ wu ame geɖewo.


ke ame akpe wuiene alafa adre (14,700) ku xoxo kpe ɖe ame siwo ku kple Korah le ŋkeke si do ŋgɔ la ŋu.


Ale Yehowa dɔ da vɔ̃ɖiwo ɖe Israelviwo dome woɖu ame geɖewo, eye woku.


esime wòwu ame akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) xoxo.


Ɛ̃, togbɔ be mawudɔlawoe tsɔ Mawu ƒe seawo vɛ na mi hã la, mieɖo koŋ gblẽ seawo to wo dzi dada me.”


Nu ka ta koŋ wona se la ɖo? Wotsɔ se la kpe ɖe eŋu ɖe vodadawo ta va se ɖe esime dzidzime, si ŋuti ŋugbedodo la ku ɖo la nava. Wona se la to mawudɔlawo dzi, eye wotsɔe de asi na avuléla.


Ne ame si ŋu wotsɔ nya la ɖo gbe be yemaxɔ nunɔla la alo ʋɔnudrɔ̃la si Yehowa Mawu ɖo na nyadɔdrɔ̃ la ƒe nyametsotso o la, nu si woawɔe koe nye be woawui. Ele be woaɖe nu vɔ̃ wɔla siawo tɔgbi ɖa le Israelviwo dome.


“Ne ame aɖe, ŋutsu alo nyɔnu, le du aɖe me le anyigba blibo la dzi da le wò nubabla si nèwɔ kple Yehowa wò Mawu dzi


Ne nya la nye nyateƒe la, ekema woahe ŋutsu la alo nyɔnu la ayi dua godo, eye woaƒu kpee le afi ma wòaku.


“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si mawɔ se siawo katã dzi o la dzi.” Eye ameawo katã agblɔ be, “Amen!”


Nye nyawo adza ɖe mia dzi abe tsi kple zãmu ene, abe tsidzadza ɖe gbe bɔbɔe dzi ene, abe gbafie le togbɛwo ŋu ene.


Le blema la Mawu ƒo nu na mia fofowo zi geɖe to mɔ vovovowo dzi to Nyagblɔɖilawo dzi.


Ame sia ame si ada le Mose ƒe se dzi la, woƒua kpee nublanuimakpɔmakpɔtɔe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ ƒe nya nu.


Eya ta dzi megaɖe le mia ƒo o, elabena miaƒe dzideƒo ahe fetu geɖe vɛ na mi.


Ebu vlododo le “Kristo” ta nu xɔasi wu kesinɔnu siwo katã nɔ Egipte, elabena enɔ mɔ kpɔm na eƒe fetu gã si nɔ ŋgɔgbe.


Xɔse manɔmee la ame aɖeke mate ŋu adze Mawu ŋu o, elabena ame si va Mawu gbɔ la ele be wòaxɔe se be Mawu li eye wòɖoa eteƒe na ame siwo dinɛ vevie.


Mikpɔ nyuie be miagagbe toɖoɖo ame si le nu ƒom la o. Nenye be womete ŋu si, esi wogbe toɖoɖo eya ame si xlɔ̃ nu wo le anyigba dzi la nu o la, aleke míawo ya míate ŋu asii ne míegbe toɖoɖo ame si le nu xlɔ̃m mí tso dziƒo?


Ale míegakpɔ kpeɖodzi na Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe nyawo, eya ta anye nu dzeame ne mieɖo to wo, elabena ele abe ale si kekeli klẽna ɖe viviti me ene va se ɖe esime ŋkekea nava, eye ŋukeɣletivi la naklẽ ɖe miaƒe dziwo me.


Togbɔ be mienya esiawo katã xoxo hã la, medi be maɖo ŋku edzi na mi be Aƒetɔ la ɖe eƒe dukɔ tso Egiptenyigba dzi, gake emegbe la, etsrɔ̃ ame siwo mexɔ edzi se o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa