Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 12:2 - Agbenya La

2 Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me, eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 12:2
78 Mawu Ofanana  

Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ la be, “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.”


Yehowa ana eƒe ta me si wòɖo ɖe ŋunye la nava eme. O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ li ɖaa, mègagblẽ wò asinudɔwɔwɔwo ɖi o.


Baba na ame siwo ƒu du yi ɖe Egipte be woaxɔ na yewo; ame siwo ɖo dzi ɖe sɔwo ŋu, eye woɖo ŋu ɖe woƒe tasiaɖam gbogboawo ŋu, hetsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ de sɔdolawo ƒe ŋusẽ triakɔ la me. Ke womeɖo ŋu ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu loo alo be yewoabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu o.


“Mitrɔ ɖe ŋunye ne miakpɔ ɖeɖe, mi anyigba ƒe mlɔenuwo ke, elabena nyee nye Mawu, eye ɖeke megali o.


Amewo do vloe, eye wogbee. Ŋutsu si dzi vevesese kple fukpekpe le la wònye. Ele abe ame si ta amewo tsɔ nu tsyɔ ŋkume ɖo la ene. Wodo vloe, eye míebui ɖe naneke me o.


Makpɔ mɔ na Yehowa ame si le eƒe mo ɣlam ɖe Yakob ƒe aƒe la; maɖo dzi ɖe eŋu.


Ke nye la, mele ŋudzɔ le mɔ kpɔm na Yehowa. Mele lalam na Mawu, nye Ɖela. Ɛ̃, nye Mawu aɖo tom hã.


“Makɔ amenuveve kple gbedodoɖa ƒe gbɔgbɔ ɖe David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo dzi. Woakpɔ nye, ame si wotɔ nui la dzi, woafa nɛ abe ale si wofana na vi ɖeka hɔ̃ɔ si ku la ene, eye woafa nɛ vevie abe ŋgɔgbevi si ku la ene.


Ale Mose wɔ akɔblida la, eye wòkɔe tɔ ɖe ati si wotu la nu. Ne da ɖu ame aɖe, eye wòwu mo dzi kpɔ akɔblida la ko la, etsia agbe.


Tso azɔ dzi heyi la, Yesu ƒoa nu na eƒe nusrɔ̃lawo tso eƒe Yerusalem yiyi kple nu siwo adzɔ ɖe edzi le afi ma la ŋuti. Egblɔ na wo be, le Yerusalem la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo awɔ fu ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe.


Ele be miaƒe nuwɔna nanɔ abe tɔnye ene, elabena Nye Amegbetɔ Vi la, nyemeva be woasubɔm o, ke boŋ ɖe meva be masubɔ amewo, eye matsɔ nye agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.”


Egblɔ be, “Aba, Fofo, nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe na wò. Na kplu sia nato nunye ayi, ke menye nu si nye ŋutɔ medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.”


Ale wowu ale si mawunya gblɔ da ɖi la nu be, “Wobui ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome.]”


Esi Aƒetɔ Yesu wu nya siawo nu la, wokɔe dzoe yi dziƒo eye wòɖanɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime.


Yesu ɖo eŋu be, “Le nyateƒe me la, Eliya va xoxo, eye wòɖɔ nuwo katã ɖo. Azɔ nu ka ta woŋlɔe ɖi le Amegbetɔ Vi la ŋu be, akpe fu geɖe, eye woagbe nu le egbɔ ɖo?


Fofoa ɖo eŋu enumake be, “Xɔse le asinye. Ao, ve nunye be nye xɔse sia nadzi ɖe edzi!”


Le ɣe bubu ɣi la, apostoloawo gblɔ na Aƒetɔ la be, “Míedi be míaƒe xɔse nasẽ ŋu ɖe edzi. Fia nu si míawɔ la mí.”


Herod kple eƒe asrafowo hã va de asi vlododoe me. Woɖu fewu geɖe hã le eŋu, wodo awu nɛ abe fia ene, eye wogagbugbɔe ɖo ɖe Pilato gbɔ.


Alo mele na Kristo be wòakpe fu siawo katã hafi age ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?”


Esi ŋu ke la, Yohanes kpɔ Yesu wògbɔna egbɔ, ale wòdo ɣli gblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi si le xexe sia me ƒe nu vɔ̃wo ɖem ɖa lae nye ekem!


Le nyateƒe me, mele egblɔm na mi be, ne bliku la mege ɖe anyigba, eye wòku o la, ekema eya ɖeka tsi anyi. Gake ne eku la, etsea ku geɖe.


Gake nye la, ne wokɔm ɖa tso anyigba la, mahe amewo katã ɖe ɖokuinye ŋu.”


Yesu nya be Fofo la tsɔ ŋusẽwo katã na ye. Enya hã be Mawu gbɔe yetso va, eye yeagatrɔ ayi Mawu gbɔ.


Elabena Fofonye ƒe lɔlɔ̃nue nye be ame sia ame si kpɔa Via dzi, eye wòxɔ edzi se la, akpɔ agbe mavɔ, eye mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.”


Mia fofo Abraham kpɔ dzidzɔ esi wòse be megbɔna, eye eƒe dzidzɔkpɔkpɔ de blibo esi wòkpɔ ŋkeke la.”


“Eya ta mina ne Israel blibo la katã nanyae nyuie be Mawu wɔ Yesu sia, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋu la, Aƒetɔ la kple Kristo la siaa.”


Ɛ̃, miewu ame si nye Agbenala la gake Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. Míawo la, míenye esia ƒe ɖaseɖilawo.


Eya Mawu do ɖe dzi ɖe eƒe ɖusime be wòanye Fiavi kple Ɖela, be wòahe dzimetɔtrɔ kple nu vɔ̃ tsɔtsɔke vɛ na Israel.


Apostoloawo ɖe abla do go le takpexɔa me kple dzidzɔ blibo be wodo ŋukpe yewo le Yesu ƒe ŋkɔ ta.


Menya nyuie be, ne ame siwo le mɔ tram eye wole bubum la se be Yesu ku be yeaɖe wo la, aɖi bometsinya na wo. Ke nya sia nye Mawu ƒe ŋusẽ na mí ame siwo le ɖeɖe kpɔm


ke míawo ya míeɖea gbeƒã Kristo, ame si woklã ɖe ati ŋuti, nu si nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinya na ame siwo menye Yudatɔwo o,


eye le ŋutilã ɖeka sia me la, wòana woazu ɖeka kple Mawu to atitsoga la dzi, eye wòatsrɔ̃ woƒe fuléle la.


eye minɔ agbe le lɔlɔ̃ me abe ale si Kristo lɔ̃ mí hetsɔ eɖokui na ɖe mía ta abe nunana kple vɔsa si le ʋeʋẽm lĩlĩlĩ na Mawu la ene.


Eye meka ɖe edzi be Mawu, ame si dze dɔ nyui sia wɔwɔ gɔme le mia me la ayi edzi, akpe ɖe mia ŋu be miatsi ɖe edzi le eƒe amenuveve la me va se ɖe esime dɔ si wɔwɔ gɔme wòdze le mia me la nawu enu le ŋkeke si Yesu Kristo agatrɔ ava la dzi.


Ke míawo la, dziƒoe nye mía de, eye míele mɔ kpɔm na Ɖela si nye Aƒetɔ Yesu Kristo be agatso afi ma ava,


Ke azɔ la, wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe fiakuku ɖo ɖi nam, esi Aƒetɔ, Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, anam le ŋkeke ma dzi, eye menye nye ɖeka koe wòana o, ke boŋ ame siwo katã le mɔ kpɔm vevie na eƒe vava.


Mawudɔla kae Mawu gblɔ na kpɔ be, “Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime mawɔ wò futɔwo woazu afɔɖodzinu na wò”?


Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo.


Elabena to vɔsa ɖeka si wòwɔ me la, ewɔ ame siwo ŋuti kɔm wòle la blibo tegbetegbe le Mawu ƒe ŋkume.


Ɣe aɖewo ɣi la wodzua mi le dutoƒo, eye wotia mia yome, ɣe bubu ɣiwo la, mienɔ te kpe ɖe ame siwo nɔ xaxa mawo ke me la ŋuti.


Woɖu fewu le ame aɖewo ŋu, woƒo ɖewo kple atam, ke wode ga bubuwo, eye wode wo gaxɔ me.


Mibu fukpekpe gã si me wòto le nu vɔ̃ wɔlawo si me ŋu, ale be miagagbɔdzɔ, eye dzi naɖe le mia ƒo o.


Eya ta mina míayi egbɔ azɔ le asaɖa la godo be míawo hã míaɖu ŋukpe si wòtsɔ,


eye esi wowɔe blibo la, eva zu ɖeɖe mavɔ kpɔtsoƒe na ame siwo katã ɖoa toe.


(elabena Mose ƒe Se la mate ŋu awɔ naneke wòade blibo o), eye azɔ la, wohe mɔkpɔkpɔ yeye vɛ to esi dzi míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu kpokploe.


Nya siwo katã míegblɔ na mi la ƒe taƒonyae nye esi: be nunɔlagã vavã le mía si. Azɔ la, ele dziƒo eye wònɔ anyi ɖe bubuteƒe gãtɔ kekeake,


nenema ke wotsɔ Kristo hã sa vɔe zi ɖeka be wòaɖe ame geɖewo ƒe nu vɔ̃ ɖa, eye agava zi evelia menye be wòagava ɖe nu vɔ̃ ɖa o ke boŋ be wòahe ɖeɖe vɛ na ame siwo katã le elalam.


Nɔvinye lɔlɔ̃awo, abe ame si xɔ míaƒe ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ, Yesu Kristo dzi se ene la, migakpɔ ame ŋkume o.


hedze agbagba be yewoanya ɣeyiɣi kple nudzɔdzɔ si Kristo ƒe Gbɔgbɔ si le wo me la le asi fiam, esi wògblɔ nya ɖi tso Mesia la ƒe fukpekpewo kple ŋutikɔkɔe si akplɔe ɖo la ŋuti.


elabena Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã. Mewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ o, gake eku ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ta be wòakplɔ mi va Mawu gbɔe dedie. Wowui le ŋutilã me, ke wogbɔ agbee le Gbɔgbɔ me,


ame si yi ɖe dziƒo, ɖanɔ Mawu ƒe nuɖusime, eye mawudɔlawo, dziɖulawo kple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.


Mitsɔ mia ɖokuiwo de Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me esi miele míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ lalam be wòakplɔ mi ayi agbe mavɔ la mee.


Enɔ gbɔgblɔm be, “Ŋlɔ nu sia nu si nèkpɔ la da ɖi, eye nàɖo agbalẽ la ɖe hame adre siwo le Efeso, Smirna, Pergamo, Tiatira, Sardis, Filadelfia kple Laodikea.”


Esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Tete wòtsɔ eƒe nuɖusi da ɖe dzinye, eye wògblɔ be, “Mègavɔ̃ o. Nyee nye Gɔmedzedze kple Nuwuwu.


“Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu, ame si nɔ anyi, eye wòli, eye wògale vava ge, ame si nye Ŋusẽkatãtɔ.” Aƒetɔ Mawue gblɔe.


“Ŋlɔ agbalẽ na Smirna hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye nya siwo tso eya ame si nye Gɔmedzedze kple Nuwuwu, ame si ku, eye wògale agbe la gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa