Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 11:9 - Agbenya La

9 To xɔse me ewɔ nɔƒe ɖe ŋugbedodonyigba la dzi, eye wònɔ afi ma abe amedzro si le dzronyigba dzi la ene, elabena enɔ avɔgbadɔwo me. Nenema kee nye Isak kple Yakob ame siwo hã nye ŋugbedodo ma ke ƒe domenyilawo kplii.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Le xɔse me wònye amedzro le ŋugbedodonyigba dzi abe dzronyigba ene, eye eya kple Isak kpakple Yakob, amesiwo nye ŋugbedodo kema ke ƒe hadomenyilawo la, wonɔ agbadɔwo me;

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 11:9
22 Mawu Ofanana  

Le esia megbe la, Abram dzo le afi sia, eye wòɖo ta anyigbeme lɔƒo, heyi tonyigba si le Betel le ɣetoɖoƒe kple Ai le ɣedzeƒe la dome. Etu agbadɔ kple vɔsamlekpui ɖe afi sia, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa.


Ale Abram ho eƒe agbadɔ, eye wòyi ati gã siwo le Mamre la gbɔ, teƒe si te ɖe Hebron ŋu, eye wòɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afi ma.


Tso Negeb gbegbe la, etso teƒe yi teƒe va se ɖe esime wòva ɖo Betel, teƒe si le Betel kple Ai dome, afi si wòtu agbadɔ ɖo kpɔ


Kanaanyigba blibo la, afi si nèle fifia abe amedzro ene la, matsɔe na wò wòanye tɔwò kple wò dzidzimeviwo tɔ tegbetegbe, eye manye woƒe Mawu.”


Abraham ƒu du yi eƒe agbadɔ me, eye wògblɔ na Sara be, “Netsɔ! Tɔ tatalĩ! Kɔ wò wɔ nyuitɔ, eye nàtɔ tatalia wòasu na wo ame etɔ̃!”


Wobiae be, “Afi ka srɔ̃wò, Sara le?” Abraham ɖo eŋu be, “Ele agbadɔ me.”


Eye Abraham nɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣeyiɣi didi aɖe.


“Amedzro menye le dzronyigba sia dzi; teƒe aɖeke mele asinye maɖi srɔ̃nye ɖo o. Meɖe kuku, midzra anyigba aɖe nam ne maɖi srɔ̃nye ɖe afi ma.”


Esi ɖeviawo tsi la, Esau zu adela xɔŋkɔ aɖe, ke Yakob ya zu ame fafa aɖe si lɔ̃a aƒemenɔnɔ.


Mawu nana yayra gã siwo ŋugbe wòdo na Abraham la nava wò kple wò dzidzimeviwo dzi. Anyigba si dzi míele fifia abe amedzrowo ene la nazu tɔwò, elabena Mawu tsɔe na Abraham.”


Laban va tu Yakob esime Yakob tu agbadɔ ɖe Gilead to la dzi. Laban hã tu eƒe agbadɔ ɖe to la te.


Mlɔeba la, Yakob va ɖo fofoa, Isak gbɔ le Mamre le Kiriat Arba (teƒe si wogayɔna be Hebron), afi si Abraham hã nɔ.


Woƒe nunɔamesiwo sɔ gbɔ ale gbegbe be womagate ŋu anɔ teƒe ɖeka o. Anyigba si dzi wole la megalolo na wo ame eveawo o le woƒe lãhawo ta.


Yakob ɖo eŋu be, “Mexɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃, meto nu sesẽ geɖewo me, eye nyemetsi abe fofonyewo ene haɖe o.”


Ke esi wonye ame ʋɛ aɖewo ko, womesɔ gbɔ o, eye wonye amedzrowo le anyigba dzi la,


Gawu la, miatu xɔwo, aƒã nuku alo ade waingble gbeɖe o; nu siawo ƒe ɖeke mekpɔ mɔ anɔ mia si o, ke boŋ mianɔ avɔgbadɔwo me ɣe sia ɣi. Ekema mianɔ agbe didi le anyigba la dzi, afi si mienye tsatsalawo le.’


Esi wònye be Mawu di be yeana eme nakɔ nyuie na ŋugbedodo ƒe domenyilawo be nu si ƒe ŋugbe yedo matrɔ o ta la, eka atam tsɔ ɖo kpe eƒe ŋugbedodo la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa