Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hebritɔwo 1:4 - Agbenya La

4 Ale wòkɔ sãa wu mawudɔlawo abe ale si ŋkɔ si wòtsɔ nyi domee la kɔ wu wo tɔ sãa ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 eye zi geɖe alesi wòƒo mawudɔlawo ta le ŋkɔ gã xɔxɔ me la, zi geɖe ma ke wòzu gã wu wo.

Onani mutuwo Koperani




Hebritɔwo 1:4
11 Mawu Ofanana  

Teƒe si kɔ wu dziɖulawo tɔ kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye ɖe sia ɖe tɔ, kpakple ŋkɔ si kɔ wu ŋkɔ siwo katã le xexe sia me kple xexe si gbɔna la me.


Eye eyae nye ta na hame, si nye eƒe ŋutilã, eyae nye gɔmedzedzea kple ame siwo fɔ tso yɔ me ƒe ŋgɔgbetɔ, ale be le nu sia nu me la, wòanye gbãtɔ.


eye blibonyenye sia yɔ mi fũu le Kristo si nye ta na ŋusẽwo kple dziɖulanyenyewo katã me.


Eya ta magblɔ na mi, ame siwo le fu kpem la be Mawu ana dzudzɔ mi kple míawo nenye be Aƒetɔ Yesu va do kpoyi tso dziƒo le dzo ƒe aɖewo me kple eƒe mawudɔla sesẽwo.


Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye nèlé fu ŋutasesẽ, eya ta Mawu, wò Mawu la tsɔ wò ɖo teƒe kɔkɔ wu nɔviwòwo katã to esia me be etsɔ dzidzɔ ƒe ami la si na wò.”


Abe ale si mienya nyuie ene la, esi wòva be yeanyi yayra sia ƒe dome emegbe la, wogbe enana. Mɔ aɖeke meli si dzi wòato be woatrɔ nu sia o, togbɔ be edi yayra sia kple aɖatsi hã.


Míekpɔ Yesu, ame si wowɔ wòɖiɖi vie wu mawudɔlawo, ke fifia la, woɖɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku nɛ, elabena ekpe fu yi ɖe ku me ale be to Mawu ƒe amenuveve me wòaxɔ ku ɖe ame sia ame nu.


ame si yi ɖe dziƒo, ɖanɔ Mawu ƒe nuɖusime, eye mawudɔlawo, dziɖulawo kple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa