Ɣletivi siwo katã le dziŋgɔli ŋu la alolo, eye woaŋlɔ dziŋgɔli abe lãgbalẽ ene. Dziƒoŋunuwo katã age adze anyi abe ale si aŋgbawo dudunae le wainka ŋu alo abe ale si aŋgba yrɔna hegena le gboti dzi ene.
Ame kae wɔ esia hekpɔ egbɔ be ede go, eye wòyɔ dzidzimewo tso gɔmedzedzea me ke? Nye, Yehowa, si nɔ kple gbãtɔwo, eye nenema ke mele kple mamlɛawo hã, Nyee.”
Mifɔ mo dzi ne miakpɔ dziƒo, mide mo to ne miakpɔ anyigba. Dziƒowo nu ava yi abe dzudzɔ ene. Anyigba anyunyɔ abe avɔ ene, eye edzinɔlawo aku abe tagbatsutsu ene, ke nye xɔname anɔ anyi ɖikaa, eye nye dzɔdzɔenyenye nu matsi gbeɖe o.
elabena gbagblaʋui aɖu wo abe avɔ ene, eye ŋɔ aɖu wo abe ɖetifu ene. Ke nye dzɔdzɔenyenye la anɔ anyi tegbee, eye nye xɔname anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.”
Enɔ gbɔgblɔm be, “Ŋlɔ nu sia nu si nèkpɔ la da ɖi, eye nàɖo agbalẽ la ɖe hame adre siwo le Efeso, Smirna, Pergamo, Tiatira, Sardis, Filadelfia kple Laodikea.”