Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Hagai 1:2 - Agbenya La

2 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Ame siawo le gbɔgblɔm be, ‘Ɣeyiɣi mede ne woagbugbɔ nye gbedoxɔ atu o.’ ”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Amesiawo le gbɔgblɔm be: Azã meɖo edzi, be woatu Yehowa ƒe xɔ haɖe o.

Onani mutuwo Koperani




Hagai 1:2
14 Mawu Ofanana  

Ale Yoas yɔ Yehoiada kple nunɔla bubuawo eye wògblɔ na wo be, “Nu ka ta miewɔ naneke tso gbedoxɔ la ŋu kpɔ o? Azɔ la, migawɔ ga aɖeke ŋu dɔ na miawo ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo o. Tso azɔ dzi yina la, ele be miawɔ ga ɖe sia ɖe ŋu dɔ hena gbedoxɔ la dzadzraɖo.”


Ke esi woxlẽ fia Artazerses ƒe agbalẽ la na Rehum, agbalẽŋlɔla Simsai kple wo ŋutime mamlɛawo la, wotso zia enumake heyi ɖe Yudatɔwo gbɔ le Yerusalem, eye wozi wo dzi kple ŋusẽ be woadzudzɔ dɔ la wɔwɔ.


Ame siwo nɔ Yuda gblɔ be, “Ŋusẽ le vɔvɔm le dɔwɔlawo ŋu, eye gli gbagbã si woli kɔe la sɔ gbɔ ale gbegbe be míate ŋu agbugbɔ gli la aɖo o.”


Kuviatɔ gblɔna be, “Dzata le gota!” alo “Woava wum le ablɔ dzi!”


Vɔvɔ̃ si le ame aɖe me lae nyea mɔ nɛ, ke ame si ka ɖe Yehowa dzi la nɔa dedie.


Ame si léa ŋku ɖe ya ƒe ƒoƒo ŋu la, meƒãa nu o eye ame si léa ŋku ɖe lilikpowo ŋu la, meŋea nu o.


Amewuɣi li, eye gbedaɣi li. Nugblẽɣi li, eye nudzraɖoɣi li.


Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o.


Le Fia Darius ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe evelia me le ɣleti adelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Yehowa ƒe gbe va to Hagai, nyagblɔɖila la dzi na Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã, Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple nunɔlagã Yosua, Yehozadak ƒe vi dzi.


Tete Yehowa ƒe gbe va to Nyagblɔɖila Hagai dzi be,


Ŋkutsala bubuawo gblɔ be, “Miate ŋu aɖadze wo dzi o, elabena wosesẽ wu mi.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa