Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Galatiatɔwo 6:5 - Agbenya La

5 elabena ame sia ame atsɔ eya ŋutɔ ƒe agba.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Elabena amesiame atsa ye ŋutɔ ƒe agba.

Onani mutuwo Koperani




Galatiatɔwo 6:5
14 Mawu Ofanana  

Ne èdze nunya la, wò nunya ahe viɖe vɛ na wò; ke ne ènye fewuɖula la, wò ɖeka koe akpe fu.”


“Nye Yehowae dzroa dziwo me, eye medoa susuwo kpɔ be maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe zɔzɔme kple nu si eƒe nuwɔwɔwo dze na la nu.”


wò ɖoɖowo lolo eye wò nuwɔwɔwo tri akɔ. Wò ŋkuwo le te ɖe amegbetɔwo ƒe mɔwo ŋu eye nèwɔa nu sia nu si ame sia ame dze na la nɛ ɖe eƒe agbenɔnɔ kple eƒe nuwɔnawo nu.


Elabena luʋɔ ɖe sia ɖe nye tɔnye, fofo kple vi, wo ame eveawo siaa nye tɔnye. Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ lae aku!’


Nye Amegbetɔ Vi la mava kple nye dɔlawo le Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe me, eye madrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe eƒe nuwɔnawo nu.


Nye kple Apolo la, dɔ ɖeka ma ke ko wɔm míele. Taɖodzinu ɖeka koe le mía si, ke Mawu axe fe na mía dometɔ ɖe sia ɖe le ale si wòdo vevi ɖe eƒe dɔ ŋu la nu.


Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa, ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzi me la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣe ma ɣi me.


Maƒu nu viawo woaku ekema hameawo katã anyae be nyee nye dziwo kple susuwo me dzrola, eye maxe fe na ame sia ame le eƒe nuwɔwɔwo nu.


“Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie! Nye fetu kpe ɖe ŋutinye, eye maxe fe na ame sia ame le nu si wòwɔ la nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa