Ne agba te wo futɔ ƒe tedzi ɖe to, eye nèkpɔ wò futɔ wòle agbagba dzem be yeado alɔ tedzi la wòatsi tsitre la, mele be nàtso eme adzo o, ke boŋ ele be nàkpe ɖe eŋu.
“Ɖe menye esiae nye nutsitsidɔ si metia oa, be woaɖe nu madzɔmadzɔwo ƒe gakɔsɔkɔsɔwo ɖa, woatu kɔkuti ƒe kɔsasawo, ne woana ablɔɖe ame siwo wote ɖe to, eye woaŋe kɔkuti ɖe sia ɖe oa?
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Babaa na mi sefialawo hã. Elabena mietsɔa agba kpekpe, siwo wu tsɔtsɔ la ɖoa amewo dzi, eye miawo ŋutɔ mietsɔa miaƒe asibidɛ ɖeka kaa agbawo ŋu o.
Míele nu xlɔ̃m mi, nɔvi lɔlɔ̃awo be miaxlɔ̃ nu ame siwo le kuvia wɔm, mide dzi ƒo na ame siwo le vɔvɔ̃m, mikpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu, migbɔ dzi ɖi na ame sia ame.
Ke ame si dzroa Mawu ƒe se si de blibo si naa ablɔɖe ame la me tsitotsito ɣe sia ɣi, eye meŋlɔa nu si wòsrɔ̃ la be o, ke boŋ wòwɔa edzi la, woayrae le nu si wòwɔna la me.
Ke eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖe eƒe ŋutilã me le ati ŋuti, ale be míaku na nu vɔ̃, eye míanɔ agbe na dzɔdzɔenyenye, eye to eƒe abi si wòxɔ me la, míekpɔ dɔyɔyɔ.